Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Nyuiwo?

Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Nyuiwo?

TA 8

Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Nyuiwo?

“Ne medo dziku la, medina be maɖe nye seselelãmewo agblɔ na ame aɖe. Ne melé blanui la, medina be ame aɖe nade dzi ƒo nam. Ne mele dzidzɔ kpɔm la, medina be mía kple ame aɖe míakpɔ dzidzɔa ɖekae. Le gonyeme la, ele vevie be xɔlɔ̃ nanɔ ame si.”—Brittany.

WOGBLƆNA be ɖeviwo hiã fefewɔhatiwo, ke ƒewuiviwo ya hiã xɔlɔ̃wo. Nu kae nye vovototoa?

Fefewɔhati nye ame aɖe si mia kplii miefea fefe ko.

Xɔlɔ̃ nye ame aɖe si kpɔa dzidzɔ ɖe nɔnɔme nyui siwo ŋu nèdea asixɔxɔe ŋu.

Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ be “xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.” (Lododowo 17:17) Edze ƒãa be xɔlɔ̃wɔwɔ ƒomevi aɖe si de ŋgɔ wu esi nɔa ɖevi siwo nye fefewɔhatiwo dome la ŋue nya sia ku ɖo!

Nyateƒenya: Esi nèle tsitsim la, èhiã xɔlɔ̃ siwo

1. Si nɔnɔme nyoameŋuwo le

2. Nɔa agbe nyui

3. Akpɔ ŋusẽ nyui ɖe dziwò

Biabia: Aleke nàwɔ ake ɖe xɔlɔ̃ siwo ɖo nudidi siawo gbɔ ŋu? Na míadzro nudidiawo me ɖekaɖeka.

Xɔlɔ̃dzedze Ƒe Nudidi Gbãtɔ​—Nɔnɔme Nyoameŋuwo

Nu si wòle be nànya. Menye ame sia amee anye xɔlɔ̃ nyui o. Biblia gblɔ gɔ̃ hã be ‘xɔlɔ̃ aɖewo li siwo dina be yewoagblẽ nu le wo nɔewo ŋu.’ (Lododowo 18:24) Ðewohĩ nya sia awɔ nuku na wò. Gake bu eŋu kpɔ: Ðe ame aɖe dze xɔ̃ wò kpɔ le viɖe siwo wòakpɔ tso gbɔwò ta koa? Ke “xɔlɔ̃” aɖe si gblɔa nya vɔ̃wo le ŋuwò alo kakaa wobewobewo le ŋuwò ya ɖe? Ne nu siawo dzɔ ɖe dziwò kpɔ la, woate ŋu ana be màgaka ɖe xɔ̃wòa dzi o. * Ele be nàɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be ne xɔlɔ̃ nyui ʋɛ aɖewo le asiwò la, enyo wu be xɔlɔ̃ manyomanyo geɖe nanɔ asiwò!

Nu si nàte ŋu awɔ. Tia xɔlɔ̃ siwo gbɔ nàte ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyuiwo le.

“Ame sia ame ƒoa nu nyui tso xɔ̃nye Fiona ŋu. Nye hã medi be amewo naƒo nu nyui tso ŋunye. Medi be ŋkɔ nyui nanɔ ŋunye abe eya ke ene. Ŋkɔ nyui si wòwɔ na eɖokui la dze ŋunye ŋutɔ.”—Yvette, exɔ ƒe 17.

Te mɔfiame sia kpɔ.

1. Xlẽ Galatiatɔwo 5:22, 23.

2. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe xɔ̃nyewo ɖea nɔnɔme siwo nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” fiana?’

3. Ŋlɔ xɔ̃wò veviwo ƒe ŋkɔwo ɖe fli siwo le ete la dzi. Ŋlɔ nɔnɔme si ɖea dzesi wu le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ɖe eƒe ŋkɔ xa.

Ŋkɔ

․․․․․

Nɔnɔme

․․․․․

Aɖaŋuɖoɖo: Ne nɔnɔme gbegblẽwo koe vaa susu me na wò ku ɖe wo dometɔ aɖe ŋu la, ekema ahiã be nàdi xɔlɔ̃ siwo ɖɔ ʋu wu!

Xɔlɔ̃dzedze Ƒe Nudidi Evelia​—Ame Si Nɔa Agbe Nyui

Nu si wòle be nànya. Ne ètsi dzi ɖe xɔlɔ̃dzedze ŋu fũu akpa la, anɔ bɔbɔe be nàdze xɔlɔ̃ ame maɖɔʋuwo. Biblia gblɔ be: “Ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.” (Lododowo 13:20) Nya “bometsilawo” mefia ame siwo medzea agbagba le sukudɔdeasiwo me loo alo ame siwo ƒe tagbɔ meɖa o. Ke boŋ, eku ɖe ame siwo gbea aɖaŋuɖoɖo si me nunya le xɔxɔ, eye le esia teƒe la, wonɔa agbe si mesɔ o. Xɔlɔ̃ siawo tɔgbi made dziwò o!

Nu si nàte ŋu awɔ. Le esi nàdze xɔlɔ̃ kple ame ɖe sia ɖe ƒomevi ko la, anyo be nàtia wo me. (Psalmo 26:4) Gake esia mefia be nàbu nazã ɖe amewo ŋu o. Le go sia me la, amewo me tiatia fia be nàwɔ nugɔmesese ŋu dɔ ale be nàte ŋu akpɔ “vovototo si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovototo si le ame si subɔa Mawu kple ame si mesubɔnɛ o la dome.”—Malaki 3:18.

“Medaa akpe be dzinyelawo kpe ɖe ŋunye medze xɔlɔ̃ hanyeti siwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu.”—Christopher, exɔ ƒe 13.

Ðo biabia siwo gbɔna ŋu:

Ne mele xɔ̃nyewo dome la, ɖe mevɔ̃na be woava zi dzinye be mawɔ nane si menya be menyo oa?

□ Ɛ̃

□ Ao

Ðe mehena ɖe megbe be maɖe xɔ̃nyewo afia dzinyelawo le esi mevɔ̃na be dzinyelawo mava kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o ta?

□ Ɛ̃

□ Ao

Aɖaŋuɖoɖo: Ne èɖo biabia siwo le etame ŋu be ɛ̃ la, ke ele be nàdi xɔlɔ̃ siwo ɖɔ ʋu wu, siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me.

Xɔlɔ̃dzedze Ƒe Nudidi Etɔ̃lia​—Ame Si Akpɔ Ŋusẽ Nyui Ðe Dziwò

Nu si wòle be nànya. Biblia gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Lauren la gblɔ be: “Ne mewɔ ɖe nu si nye sukuhatiwo bia tso asinye dzi ko hafi wolɔ̃a nye nya. Metsi akogo, eya ta meɖoe be nye hã mawɔ nu abe woawo ke ene be woalɔ̃ nye nya.” Lauren kpɔe be, ne ènɔa agbe ɖe ame bubuwo ƒe dzidzenuwo nu la, ɖeko nàva nɔ abe aɖidati kpakpɛ le fefewɔkpe dzi ene, eye woanɔ hewòm anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm ale si dze wo ŋu. Medze be woawɔ nu ɖe ŋuwò nenema kura o!

Nu si nàte ŋu awɔ. Tso kadodo me kple ame siwo zia dziwò be nànɔ agbe wòasɔ ɖe ale si yewonɔa agbee nu. Ne èɖe afɔ sia la, ɖewohĩ xɔ̃wòwo ava nɔ ʋɛ wu ya, gake wò dzi adze eme eye mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàdze xɔlɔ̃ siwo ɖɔ ʋu wu, siwo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe dziwò.—Romatɔwo 12:2.

“Xɔ̃nye vevi Clint nye ame si bua nuwo ŋu nyuie hesea veve ɖe ame nu, eye esia wɔe be wònye dzideƒotsoƒe gã aɖe nam.”Jason, exɔ ƒe 21.

Bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò:

Ðe metrɔ ale si medoa awui alo ƒoa nui, loo alo be mewɔa nu siwo mesɔ o be madze xɔ̃nyewo ŋua?

□ Ɛ̃

□ Ao

Ðe meva le teƒe siwo amewo menɔa agbe ɖɔʋu le o, siwo nye ŋutɔ nyemayi le ɖokuinye si gbeɖe o, la yim le xɔ̃nyewo ta?

□ Ɛ̃

□ Ao

Aɖaŋuɖoɖo: Ne èɖo biabia mawo ŋu be ɛ̃ la, ekema te ɖe dziwòlawo alo ame tsitsi aɖe ŋu be wòaɖo aɖaŋu na wò. Ne Yehowa Ðasefoe nènye la, àte ŋu ate ɖe Kristotɔ hamemetsitsi aɖe hã ŋu ahana wòanya be yehiã kpekpeɖeŋu be yeadze xɔlɔ̃ siwo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ye dzi.

ÀTE ŊU AXLẼ NU BUBUWO TSO NYATI SIA ŊU LE AGBALẼ SIA ƑE BABLA 2 LIA ƑE TA 9 LIA ME

LE TA SI KPLƆE ÐO ME

Ðe xɔ̃wò aɖe, alo ɖewohĩ wò ŋutɔ wò dzi, le blewòm be nàwɔ nu gbegblẽa? Xlẽ nu tso ale si nàwɔ anɔ te ɖe enui la ŋu!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Ame sia ame daa vo. (Romatɔwo 3:23) Eya ta ne xɔ̃wò aɖe wɔ nane ɖe ŋuwò si te ɖe dziwò, gake emegbe eva ɖee fia be nu si yewɔ la ve ye la, ɖo ŋku edzi be “lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.”—1 Petro 4:8.

MAWUNYAKPUKPUI VEVI

“Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.”—Lododowo 18:24.

AÐAŊUÐOÐO

Nɔ agbe nyui, eye ame bubu siwo le agbagba dzem be yewoawɔ nenema ke la ade dzesi wò. Mlɔeba la, woava zu xɔ̃wò nyuitɔwo kekeake!

ÈNYAA . . . ?

Mawu mekpɔa ame ŋkume o, gake menye ame sia ame koe wòɖea mɔ na be ‘wòadze yeƒe agbadɔ me’ o.​—Psalmo 15:1-5.

ALE SI MAWƆ EŊU DƆE!

Nu si mawɔ be makpɔ xɔlɔ̃ nyuiwo ye nye be ․․․․․

Ame siwo tsi wum siwo madi be madze xɔlɔ̃e la dometɔ aɖewoe nye ․․․․․

Nya siwo madi be mabia dzinyela(wo) tso ale si mawɔ akpɔ xɔlɔ̃ nyuiwo ŋue nye ․․․․․

NU KAE NÈSUSU?

● Nɔnɔme kawoe nèkpɔ be ele vevie be woanɔ ame si anye xɔ̃wò la si, eye nu ka tae?

● Wò nɔnɔme kawo ŋue wòahiã be nàtrɔ asi le be nànye xɔlɔ̃ nyui?

[Nya si ɖe dzesi]

Esi dzinyelawo xlɔ̃ num be madzudzɔ hadede kple xɔ̃nye aɖewo la, megblɔ na ɖokuinye be ame siawo koe nye ya medi be made ha kplii. Ke hã, dzinyelawo tɔ dzɔ, elabena esi meva de ŋugble tso woƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋu la, mekpɔe be ame ɖɔʋu geɖewo li mate ŋu adze xɔlɔ̃e.​—Cole

[Aɖaka]

Te Aɖaŋuɖoɖo Siawo Kpɔ

Ðo dze kple dziwòlawo tso xɔlɔ̃dzedze ŋu. Bia wo woaɖo dze tso xɔlɔ̃ siwo tɔgbi nɔ wo si esime woxɔ ƒe si le asiwò fifia ŋu na wò. Ðe wòva ve wo emegbe be yewotia ame aɖewo wonye yewo xɔlɔ̃woa? Ne nenemae la, nu ka tae? Bia wo ale si nàwɔ aƒo asa na kuxi siwo me woto la dometɔ aɖewo.

Ðe xɔ̃wòwo fia dziwòlawo. Ne èle hehem ɖe megbe le esia wɔwɔ ŋu la, ekema bia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae nyemedi be maɖe wo afia dzinyelawo o?’ Ðe nɔnɔme aɖewo le xɔ̃wòwo si siwo ŋu nènya be dziwòlawo makpɔ ŋudzedze ɖo oa? Ne nenemae la, ɖewohĩ ahiã be nàlé ŋku ɖe ame siwo nàdze xɔlɔ̃ kplii la ŋu nyuie hafi atia wo.

Nye toɖola nyui. Tsɔ ɖe le eme na xɔ̃wòwo eye nàdi woƒe nyonyo.​—Filipitɔwo 2:4.

Nye ame si tsɔna kena faa. Mègakpɔ mɔ be xɔ̃wòwo awɔ nu sia nu wòasɔ pɛpɛpɛ o. “Mí katã míedaa vo zi geɖe.”​—Yakobo 3:2.

Mèganɔ wo ŋu ɣesiaɣi o. Mehiã be nàku ɖe wo ŋu gligãa o. Xɔlɔ̃ vavãwo anɔ ŋuwò ne èhiã wo.​—Nyagblɔla 4:9, 10.

[Nɔnɔmetata]

Ne ènɔa agbe ɖe ame bubuwo ƒe dzidzenuwo nu be woalɔ̃ yeƒe nya la, ɖeko nàva nɔ abe aɖidati kpakpɛ le fefewɔkpe dzi ene, eye woanɔ hewòm anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm ale si dze wo ŋu