Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kukuwo Ƒe Mɔkpɔkpɔ Vavãtɔ

Ame Kukuwo Ƒe Mɔkpɔkpɔ Vavãtɔ

NYƆNU aɖe si xɔ ƒe 25 ŋlɔe bena: “Le ƒe 1981 me la, dɔdzẽ wu nyɔnu si nyim. Eƒe ku te ɖe mía kple nɔvinyeŋutsu si nyɔnua xɔ nyi dzi ŋutɔ. Mexɔ ƒe 17 ɣemaɣi eye nɔvinyeŋutsua hã xɔ ƒe 11. Eƒe ku vem ŋutɔ. Esi wofia mí be dziƒoe wòyi ta la, medi be mawu ɖokuinye ne mayi egbɔ. Eyae nye xɔ̃nye vevitɔ.”

Menyo kura be ŋusẽ nanɔ ku si be wòakplɔ wò lɔlɔ̃tɔ adzoe o. Eye ne edzɔ nenema la, alesi màgate ŋu aƒo nu kple wò lɔlɔ̃tɔ la ako nu ɖee alo alée o la tena ɖe ame dzi ŋutɔ. Ne wogblɔ na wò be wò lɔlɔ̃tɔ la le dziƒo hã la, mefaa vevesesea nu o.

Gake mɔkpɔkpɔ si le Biblia me ya to vovo. Abe alesi míekpɔe va yi ene la, Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be eteƒe madidi o, àte ŋu agawɔ ɖeka kple wò ame siwo ku, menye le dziƒo si míede kpɔ o, ke boŋ le anyigba sia dzi le ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye ƒe nɔnɔmewo me. Eye mɔnukpɔkpɔ asu amegbetɔwo si be woanɔ lãmesẽ blibo me, eye womagaku akpɔ o. Ame aɖewo agblɔ be: ‘Gake esia menye nu ŋutɔŋutɔ si ava eme o!’

Nukae hiã hafi nàxɔe ase be esia nye mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le? Hafi nàxɔ ŋugbedodo aɖe dzi ase la, ahiã be nàka ɖe edzi be ŋugbedola la lɔ̃ faa be yeawɔ ɖe edzi eye wòate ŋu awɔ ɖe edzi hã. Ke amekae do ŋugbe be ame kukuwo agava nɔ agbe ake?

Le ƒe 31 M.Ŋ. ƒe adame la, Yesu Kristo do ŋugbe dzideƒotɔe be: “Alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na. Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo] me la, woase [Yesu ƒe] gbe; eye . . . woado go.” (Yohanes 5:21, 28, 29) Ẽ, Yesu Kristo do ŋugbe be ame miliɔn geɖe siwo ku fifia la agava nɔ agbe le anyigba sia dzi eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woanɔ edzi tegbee le paradiso ƒe nɔnɔme si me ŋutifafa le me. (Luka 23:43; Yohanes 3:16; 17:3; tsɔe sɔ kple Psalmo 37:29 kpakple Mateo 5:5.) Esi wònye Yesue do ŋugbe ma ta la, àte ŋu aka ɖe edzi be elɔ̃ faa be yeana wòava eme. Gake ɖe wòate ŋu ana wòava emea?

Esi Yesu do ŋugbe ma megbe ƒe eve kloe la, eɖee fia wòdze ƒã be yele lɔlɔ̃m faa be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye be yeate ŋu afɔ wo hã.

“Lazaro Lee, Do Go!”

Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi aɖee wònye. Lazaro dze dɔ vevie. Nɔvianyɔnu eveawo, Maria kple Marta ɖo du ɖe Yesu si nɔ Yordan-tɔsisia godo la be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa, amesi mèlɔ̃a nu egbɔ o la, le dɔ lém.” (Yohanes 11:3) Wonya be Yesu lɔ̃ Lazaro. Ðe Yesu madi be yeakpɔ ye xɔlɔ̃ si le dɔ lém la oa? Nukutɔe la, le esi teƒe be Yesu nayi Betania enumake la, eganɔ afisi wòle la ŋkeke eve.—Yohanes 11:5, 6.

Lazaro ku le esime woɖo du ɖa le eƒe dɔlélea ŋu megbe. Yesu nya ɣeyiɣi si me Lazaro ku, eye wòɖoe be yeawɔ nane tso eŋu. Esime Yesu va ɖo Betania la, exɔlɔ̃a ku ŋkeke enee nye ma. (Yohanes 11:17, 39) Ðe Yesu ate ŋu agbɔ agbe amesi ku eteƒe didi alea laa?

Esi Marta si zãna la se be Yesu gbɔna la, eƒu du yi ɖakpee. (Tsɔe sɔ kple Luka 10:38-42.) Eƒe nuxaxa la wɔ dɔ ɖe Yesu dzi ale be wòka ɖe edzi nɛ be: “Nɔviwò la atsi tre.” Esi wòɖee fia be yexɔ tsitretsitsi si ava dzi se la, Yesu gblɔ nɛ tẽ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.”—Yohanes 11:20-25.

Esi Yesu va ɖo yɔdoa gbɔ la, egblɔ be woamli kpe si wotsɔ tu enu la ɖa le doa nu. Eye esi wòdo gbe ɖa sesĩe megbe la, eɖe gbe be: “Lazaro lee, do go!”—Yohanes 11:38-43.

Amesiwo nɔ afima katã fɔ ŋku ɖe yɔdoa dzi. Eye ame aɖe do tso vivitia me. Eƒe afɔwo kple asiwo nɔ babla, eye wotsɔ taku bla ŋkume nɛ. Yesu gblɔ be: “Mitui, eye mina wòayi.” Wotu avɔawo katã le eŋu. Ẽ, Lazaro, amesi ku ŋkeke ene lae!—Yohanes 11:44.

Ðe Wòdzɔ Vavãa?

Woŋlɔ Lazaro fɔfɔ ɖe tsitre ŋuti nya la ɖe Yohanes ƒe Nyanyuia me wònye ŋutinya me nudzɔdzɔ si nye nyateƒe. Nya bliboa me kɔ nyuie ale gbegbe be mate ŋu anye nyakpakpa dzro ko o. Ðikeke eƒe nyateƒenyenye afia be wole ɖi kem Biblia me nukunuwo katã, kple Yesu Kristo ŋutɔ ƒe tsitretsitsi hã. Eye gbegbe be Yesu metsi tre o la fia be wogbe Kristotɔwo ƒe xɔse bliboa hã.—Korintotɔwo I, 15:13-15.

Le nyateƒe me la, ne èxɔe se be Mawu li vavã la, ke mele be wòasesẽ na wò be nàxɔ tsitretsitsia dzi ase o. Le kpɔɖeŋu me: Ame ate ŋu agblɔ eƒe didi mamletɔ le alesi woawɔ yeƒe nunɔamesiwoe ŋu ahalée ɖe video dzi, eye le eƒe ku megbe la, eƒe ƒometɔwo kple exɔlɔ̃wo agate ŋu akpɔe ahase nya tso egbɔ ne ele nu ƒom tso alesi wòdi be woawɔ yeƒe nunɔamesiwoe ŋu. Nyawo léle ɖi alea meva susu me na ame le ƒe alafa ɖeka si va yi me o. Eye mɔ̃ɖaŋuŋutinunya si na wote ŋu léa nya ɖe video dzi la gawɔa nuku na amesiwo le saɖaganutowo me ale gbegbe. Ne amegbetɔ ate ŋu azã dzɔdzɔmese siwo Wɔla la ɖo anyi la atsɔ awɔ nusia si míate ŋu akpɔ ahasee la, ɖe Wɔla la ŋutɔ mate ŋu awɔ nusi de ŋgɔ sã wu ema oa? Eyata ɖe nunya mele eme o be Amesi wɔ agbe la nagate ŋu awɔe ake oa?

Lazaro fɔfɔ ɖe tsitre ƒe nukunua doa ŋusẽ Yesu kple tsitretsitsia dzixɔxɔse. (Yohanes 11:41, 42; 12:9-11, 17-19) Eɖee fia hã le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu be Yehowa kple Via lɔ̃ faa be yewoafɔ amewo ɖe tsitre.

‘Adzro Mawu’

Alesi Yesu wɔ nu ɖe Lazaro ƒe kua ŋu ɖe Mawu ƒe Vi la ƒe dɔmetɔtrɔ fia. Alesi Yesu xa nui le ɣeyiɣi sia me la ɖe eƒe didi vevie be yeafɔ ame kukua ɖe tsitre fia wòdze ƒã. Míexlẽ be: “Esi Maria va afisi Yesu le, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o. Eye esi Yesu kpɔe wòle avi fam, eye Yudatɔ, siwo va kplii hã le avi fam la, [exa nu] le gbɔgbɔ la me, eye eƒe dzi ʋuʋu, eye wòbena: Afika mietsɔe yi ɖamlɔ mahã? Wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ va kpɔe. Yesu fa avi. Tete Yudatɔwo gblɔ bena: Mikpɔ alesi wòlɔ̃nɛ ɖa!”—Yohanes 11:32-36.

Le afisia la, wotsɔ nyagbɔgblɔ etɔ̃ ɖe Yesu ƒe veveseseɖeamenu si tso dzi me la fia: ‘exa nu,’ “eƒe dzi ʋuʋu,” kple ‘efa avi.’ Gbegbɔgblɔ si me woŋlɔ nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia ɖo me nya siwo wozã la ɖee fia be Yesu xɔlɔ̃ vevi Lazaro ƒe ku kple alesi wòkpɔ Lazaro nɔvinyɔnu wòle avi fam la wɔ dɔ eɖe edzi ale gbegbe be aɖatsi nɔ gegem le Eƒe mo. *

Nusi ɖe dzesi ŋutɔe nye be Yesu fɔ ame eve bubuwo ɖe tsitre do ŋgɔ. Eye eɖoe koŋ be yeafɔ Lazaro hã ɖe tsitre. (Yohanes 11:11, 23, 25) Gake ‘efa avi.’ Eyata menye ɖeko Yesu fɔ amewo ɖe tsitre ko o. Eƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ si dze le nudzɔdzɔ sia me ɖe eƒe didi vevie be yeaɖe nu gbegblẽ siwo ku hena vɛ ɖa la afia kɔte.

Dɔmetɔtrɔ si Yesu ɖe fia esime wòfɔ Lazaro ɖe tsitre la ɖe eƒe didi vevie be yeaɖe nu gbegblẽ siwo ku hena vɛ ɖa la fia

Esi Yesu nye ‘mawunyenye ƒe nɔnɔme deblibo’ ta la, esɔ be míakpɔ mɔ be mía Dziƒofofo la awɔ nenema ke. (Hebritɔwo 1:3) Anukwareɖila Hiob gblɔ le Yehowa ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ faa be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre ŋu be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbe? . . . Àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.” (Hiob 14:14, 15) Gbegbɔgblɔ si me woŋlɔ nya siawo ɖo me nya si gɔme woɖe le afisia be “dzrowòm” la fia alesi wòdzro Mawu vevie eye wònye eƒe didi hã. (Mose I, 31:30; Psalmo 84:3) Edze ƒã be Yehowa anɔ mɔ kpɔm na tsitretsitsi la vevie.

Ðe míate ŋu axɔ tsitretsitsi ƒe ŋugbedodo la dzi ase vavã? Ẽ, ɖikeke mele eme o be Yehowa kple Via siaa lɔ̃ faa be yewoana wòava eme eye wòate ŋu ana wòava eme hã. Nukae esia fia na wò? Mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàgava wɔ ɖeka kple wò lɔlɔ̃tɔ siwo ku le anyigba sia dzi le nɔnɔme siwo to vovo na fifi tɔwo me!

Yehowa Mawu si da amegbetɔ ɖe abɔ nyui aɖe me le gɔmedzedzea me la do ŋugbe be yeagawɔ anyigba wòazu Paradiso ake le Yeƒe Dziƒofiaɖuƒea si le Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na fifia si me la te. (Mose I, 2:7-9; Mateo 6:10; Luka 23:42, 43) Le Paradiso ma si woagbugbɔ aɖo anyi me la, mɔnukpɔkpɔ asu ameƒomea si be woanɔ agbe mavɔ, lãmegbegblẽ kple dɔléle aɖeke manɔmee. (Nyaɖeɖefia 21:1-4; tsɔe sɔ kple Hiob 33:25; Yesaya 35:5-7.) Fuléle, nazãbubu ɖe ameƒomevi bubuwo ŋu, gbevovodolawo dome ʋunyaʋunyawɔwɔ, kple gakuxiwo hã nu ayi. Anyigba si ŋu wokɔ alea dzie Yehowa Mawu ato Yesu Kristo dzi afɔ ame kukuwo ɖe tsitre ɖo.

Tsitretsitsi si nɔ te ɖe Kristo Yesu ƒe tafevɔsa la dzi ahe dzidzɔ vɛ na dukɔwo katã

Esia nye Kristotɔ nyɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe le akpa sia ƒe gɔmedzedze la ƒe mɔkpɔkpɔ fifia. Esi dadaa ku ƒe geɖe megbe la, Yehowa Ðasefowo kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ Biblia nyuie. Egblɔ be: “Esi mesrɔ̃ nu tso tsitretsitsi la ŋu megbe la, mefa avi. Enye dzidzɔ gã aɖe nam be manya be magate ŋu akpɔ danye ake.”

Ne enye wò dzimedidi nenema ke be yeagakpɔ wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ake la, adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò nànya alesi nàwɔ mɔkpɔkpɔ sia si ŋu kakaɖedzi le la wò ŋutɔ tɔwòe. Àte ŋu ava kpɔ wo le woƒe Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me, alo azã adrɛs si te ɖe ŋuwò le axa 32 nàŋlɔ agbalẽ na wo.

^ mm. 20 Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘exa nu’ la tso dɔwɔnya (em·bri·maʹo·mai) si fia vevesese alo nusi ʋã ame vevie la me. Bibliaŋutinunyala aɖe de dzesii be: “Nusi wòate ŋu afia le afisia koe nye be seselelãme deto sia na Yesu xa nu tso Eƒe dzi me.” Nya si gɔme woɖe be “ʋuʋu” la tso Helagbe me nya (ta·rasʹso) si fia tɔtɔ le ame ɖokui me la me. Nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be efia be “ame natɔtɔ le eɖokui me, . . . wòase veve helĩhelĩ alo axa nu vevie.” Nyagbɔgblɔ si nye “fa avi” la tso Helagbe me nya (da·kryʹo) si fia “be woafa aɖatsi, be woafa dzimevi” la me.