Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 2

Nu Ka Tae Metsia Dzi Ðe Nye Dzedzeme Ŋu?

Nu Ka Tae Metsia Dzi Ðe Nye Dzedzeme Ŋu?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Nanewo le vevie wu nu siwo nèkpɔna le ɖokuiwò ŋu le ahuhɔ̃e me.

NU KAE NÀWƆ?

Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Ne Julia kpɔ ahuhɔ̃e me la, nu si ko wòkpɔna le eɖokui ŋue nye be yelolo akpa. Egblɔna na eɖokui be: “Ehiã be maɖi ku vie,” evɔ edzilawo kple exɔlɔ̃wo ya kpɔe be “ele ƒilɛ̃e akpa.”

Julia ɖoe nyitsɔ laa be yeaɖe afɔ vevi aɖe atsɔ aɖiɖi yeƒe kpekpeme dzi akpɔtɔ “kilogram eve pɛ ko.” Nu si wòɖo be yeawɔe nye be yeagblẽ ye ɖokui ɖe dɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo . . .

Ne èsena le ɖokuiwò me abe Julia ene la, nu kae nàwɔ?

TƆ NÀBU EŊU KPƆ!

Míate ŋu atsɔ ale si nèbua ɖokuiwò be yemenya kpɔ o la asɔ kple wò dzedzeme kpɔkpɔ le ahuhɔ̃e si dzua ame la me

Megblẽ be nàtsi dzi ɖe wò dzedzeme ŋu o. Biblia gɔ̃ hã ƒo nu nyui tso ŋutsu kple nyɔnu aɖewo ƒe dzedzeme ŋu, wo dometɔ aɖewoe nye Sara, Rahel, Abigail, Yosef kple David. Biblia gblɔ tso nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Abisag ŋu be ‘edze tugbe eteƒe mekɔ o.’—1 Fiawo 1:4.

Gake sɔhɛ geɖewo tsia dzi ɖe woƒe dzedzeme ŋu akpa. Esia ate ŋu ahe kuxi sesẽwo vɛ na wo. Bu nya siawo ŋu kpɔ:

  • Le numekuku aɖe nu la, nyɔnuvi 58 le alafa me gblɔ be yewololo akpa, evɔ wòhenye be wo dometɔ 17 le alafa me koe lolo akpa.

  • Le numekuku bubu nu la, nyɔnu 45 le alafa me ƒe kpekpeme mede ale si wòdze be wòanɔ gɔ̃ hã o, gake wosusui be yewokpe akpa!

  • Esi sɔhɛ aɖewo ɖoe be yewoaɖi ku la, wote nuɖuɖu wo ɖokuiwo ʋuu wòva tsi wo si—dɔwuwu ame ɖokui alea tea ŋu gblẽa nu le ame ŋu.

Ne ètea nuɖuɖu ɖokuiwò ʋuu wòtsi asiwò la, ke di kpekpeɖeŋu enumake. Gblɔe na dziwòla alo ame tsitsi aɖe si dzi nèka ɖo. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi, eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

NU SI NÀWƆ ANYA KPƆ WU!

Le nyateƒe me la, ame si míenye le ememe lae nana míenya kpɔna alo nyrana. Bu Fia David ƒe vi si ŋkɔe nye Absalom ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be:

“Ame aɖeke medze ɖeka de Absalom nu le Israel blibo la katã o, ale be wokafunɛ ŋutɔ. Dzuƒe aɖeke mele eŋu . . . o.”—2 Samuel 14:25.

Gake dada, ŋubiã kple alakpanuwɔwɔ yɔ ɖekakpui sia me fũu! Eya ta Biblia meƒo nu nyui aɖeke tso Absalom ŋu o. Ðe Biblia na wòdze kɔtɛe boŋ be nuteƒemawɔla ŋumakpetɔ kple ame si me fuléle vɔ̃ɖi yɔ fũu ye wònye.

Le esia ta Biblia ɖo aɖaŋu sia na mí be:

“Mido amenyenye yeye la.”—Kolosetɔwo 3:10.

“Migana miaƒe atsyɔ̃ɖoɖo nanye gota gome tɔ . . . o, ke boŋ mina wòanye dzi me ƒe ame ɣaɣla.”—1 Petro 3:3, 4.

Togbɔ be megblẽ be nàdi be yeanya kpɔ o hã la, wò amenyenye le vevie sãsãsã wu wò dzedzeme. Nɔnɔme nyuiwo tutu ɖo wɔnɛ be ame ƒe nu va nyoa amewo nu wu alɔkame sesẽ kple ɖekadzedze alo tugbedzedze! Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Phylicia gblɔ be: “Wò nyonyo ate ŋu ahe amewo ƒe susu va dziwò enumake ya, gake ame si nènye le ememe kple wò nɔnɔme nyuiwo koŋ dzie amewo aɖo ŋkui wu.”

LÉ ŊKU ÐE WÒ DZEDZEME ŊU

Ne èlé ŋku ɖe wò dzedzeme ŋu la, ɖe wòtena ɖe dziwòa?

Ðe nèdi kpɔ be yeayi kɔdzi woawɔ dɔ na ye atrɔ asi le yeƒe dzedzeme ŋu alo te nuɖuɖu ɖokuiwò vevie ale be nànya kpɔ wua?

Ne àte ŋui la, nu kae nàtrɔ le wò dzedzeme ŋu? (Tia ŋuɖoɖo siwo sɔ.)

  • KƆKƆME

  • LOLOME

  • ÐA

  • NYONYO

  • ŊKUME

  • ŊUTIGBALẼ

Ne èɖo nyabiase eve gbãtɔawo ŋu be ɛ̃, eye nètia nu siwo le etɔ̃lia te la dometɔ etɔ̃ alo esi wu ema la, ke anɔ eme be togbɔ be wò ŋutɔ èbua ɖokuiwò be yemenya kpɔ o hã la, ame bubuwo ya mebua wò nenema o. Ele bɔbɔe be nàtsi dzi ɖe wò dzedzeme ŋu akpa ahawɔ nu si gbɔ eme.—1 Samuel 16:7.