Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amegbɔlãwo—Wo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò

Amegbɔlãwo—Wo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò

Amegbɔlãwo​—Wo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò

ABE alesi míede dzesii le nyati si do ŋgɔ mee ene la, wotsɔ anyigbaa kple edzi lãwo katã dzi kpɔkpɔ de asi na amegbetɔ. Biblia gblɔ be: “[Mawu tsɔ] nuwo katã de eƒe afɔ te: alẽwo kple nyiwo siaa hekpe ɖe gbemelãwo hã ŋu, dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo kple nusianu, si zɔa atsiaƒu me.”—Psalmo 8:7-9; 115:16.

Alesi amegbetɔwo awɔ dɔ si wode asi na wo be woakpɔ lãwo dzi la le vevie ŋutɔ. Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti.” (Lododowo 12:10) Le nyateƒe me la, se siwo Mawu tsɔ na Israel-viwo la te gbe ɖe alesi wòhiãe be woatsɔ ɖe le lãwo ƒe nuhiahiãwo me la dzi zi geɖe. (Mose V, 22:4, 10; 25:4) Le dɔ sia si wode amegbetɔwo si wɔwɔ me la, zi geɖe wowɔ aƒemelãwo wo gbɔ lãwoe, hemlã gbemelãwo gɔ̃ hã wozu wo gbɔ lãwo.—Mose I, 1:24.

Gake ele be míaɖo ŋku edzi be Biblia te gbe ɖe vovototo si le amegbetɔwo kple lãwo dome dzi. Amegbetɔwoe wowɔ ‘ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me woɖii’ ke menye lãwo o. (Mose I, 1:26) Eye esi womewɔ lãwo ya be woanɔ agbe didi o la, mɔkpɔkpɔ le amegbetɔwo si be woanɔ anyigba dzi tegbee. (Mose I, 3:22, 23; Psalmo 37:29) Yesu Kristo gblɔ be, be míanɔ ‘agbe tegbee’ la, ele be míaɖe xɔse afia ahaxɔ Mawu ŋuti sidzedze—siwo nye nusi lãwo mate ŋu awɔ o. (Yohanes 3:36; 17:3) Gawu la, Biblia tsɔ amesiwo medze na tsitretsitsi o sɔ kple “lã nyasã manɔsitɔ, siwo wodzi hena lelé kple tsɔtsrɔ̃ le woƒe dzɔdzɔme nu.”—Petro II, 2:9-12.

Wowɔ Wo Hena Amegbetɔ ƒe Viɖe

Mawu wɔ lãwo le amegbetɔwo ƒe viɖe ta. Lãwo ate ŋu akpe ɖe amegbetɔwo ŋu le woƒe dɔwo wɔwɔ me, eye woate ŋu anye woƒe zɔhɛ alo anɔ wo gbɔ. Azɔ hã woƒe anyinɔnɔ ɖea Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nunya fiana. Le nyateƒe me la, edoa dzidzɔ na ame be woakpɔ lãwo ƒe atsyɔ̃ ahasrɔ̃ nu geɖe tso Wɔla la ŋu to nusɔsrɔ̃ tso woƒe nunya wɔnuku si woɖena fiana toa lãmenusese me ŋu me. (Psalmo 104:24; Lododowo 30:24-28; Romatɔwo 1:20) Nunya sia ƒe kpɔɖeŋu geɖeawo dometɔ ɖeka dze le nudzodzoeviwo ŋu. Alesi anyiwo doa ka kple wo nɔewo hefiaa mɔ wo nɔewo yia afisi woakpɔ nuɖuɖu le wɔ nuku ale gbegbe—eye alesi wowɔa anyixe siwo me woɖana ɖo ya gawɔ nuku ŋutɔ.

Lãwo ate ŋu anye nuɖuɖu si aɖe vi na amegbetɔwo. Le gɔmedzedzea me la, numiemiewo koe Mawu tsɔ na amegbetɔwo be wòanye woƒe nuɖuɖu. Gake le ƒe 1,600 kple edzivɔwo megbe—le Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔa megbe—la, Mawu gblɔ be: ‘Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenem nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene.’ (Mose I, 1:29; 9:3) Eyata Mawu ɖe mɔ na amegbetɔwo be woaɖu lãwo. Edze ƒã be amegbetɔwo ƒe nyonyo tae Mawu na mɔɖeɖe sia ɖo, togbɔ be meɖe mɔ be lãwo nanye amegbetɔwo ƒe nuɖuɖu le gɔmedzedzea me o hã.

Kuxi Siwo le Amegbɔlãwo Nyinyi me Egbea

Edze abe le ŋutinya katã me la, mebɔ be woana lãwo nanɔ ame gbɔ le aƒeme o ene, eye aleae wòkpɔtɔ le le xexeame ƒe teƒe geɖe. Gake le ɣeyiɣi siawo siwo me amewo le ʋuʋum yi dugãwo me eye nu le edzi dzem na wo la, lãwo ƒe amewo gbɔ nɔnɔ va bɔ. Esia he kuxi aɖewo vɛ le dukɔ deŋgɔwo me.

Ewɔ nuku be le amegbɔlã miliɔn 500 ƒe akɔnta si wobu be wole xexeame dome la, alafa memama 40 alo wu nenema ye le United States. Amegbɔvu siwo ade miliɔn 59 kple dadi miliɔn 75 ye le afima. Ke hã, lã siwo le amewo gbɔ le aƒewo me le London kple Paris sɔ gbɔ sasasã wu esiwo le New York City!

Le ƒe ʋɛ aɖewo siwo va yi me le Paris la, wohaya nukplɔmɔ̃ 70 lɔƒo be woatsɔ anɔ avumĩwo kplɔm le afɔtoƒewoe. Wobu akɔnta be avu 250,000 lɔƒo siwo le Paris la dea afɔdzi tɔn 25 gbesiagbe, eye esiwo nukplɔmɔ̃a te ŋu lɔna mede esia ƒe afã o. Woka nya ta be ame alafa geɖewo ɖiɖina le avumĩwo dzi dzea anyi xɔa abi woxɔna ɖe kɔdzi ƒe sia ƒe.

Toɣliɖeɖe ƒe kuxi hã li. Ame aɖewo siwo si avu le te ŋu nɔa te ɖe woƒe avuwo ƒe nuwɔnawo nu tsɔ wu be woanɔ te ɖe amewo tɔ nu. Internet dzi nyatakakaxɔƒe si nye Beléle na Amegbɔlãwo Ŋuti Numedzroƒe ɖee gblɔ be “edze abe avu siwo wóna akpa la ƒe toɣliɖeɖe va ma to na woƒe aƒetɔwo ene.” Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo mewɔa naneke tsɔ tsia woƒe avuwo ƒe wówo vivivo nu o, ne woƒe wowó gblẽ woƒe dzeɖoɖo veviwo me gɔ̃ hã.

Le go bubu me la, avu aɖe ate ŋu anɔ anyi kpoo ne eƒe aƒetɔ li, gake ete ŋu nyea ŋɔdzi na aƒelikawo ne eƒe aƒetɔ meli o. Ele eme be lã siawo tɔwo alɔ̃ woƒe nya togbɔ be kuxi siawo anɔ wo ŋu hã la, aɖe fu na nutoa me tɔ siwo yia dɔme le ɣeyiɣi vovovo me alo vidada si le agbagba dzem be yeade ye vi alɔ̃ me la vevie. Gawu la, nu va tia kɔ na avu siwo wosika ɖe teƒe ɖeka ale gbegbe be wova nɔ nu manyatalenuwo wɔm, woléa blanui alo wɔa adã ŋɔdzitɔe gɔ̃ hã.

Alesi amegbɔlãwo dzina kabakabae nye kuxi si ɖe dzesi, vevietɔ le dugãwo me. Wobu akɔnta be avu miliɔn 17 kple dadi miliɔn 30 ye wodzina ƒe sia ƒe le United States. Lã siawo dometɔ miliɔn gbogbo aɖewo va nyɔna ɖe lã bubuwo kple lã siwo dim amewo megale o la xɔƒe, eye wobu akɔnta be le dukɔ ma me la wowua lã siawo dometɔ miliɔn ene heyi miliɔn ade ƒe sia ƒe.

Nukatae wokplɔa lã gbogbo siawo gbegbe yia lã bubu kple lã madimadiwo xɔƒewoe? Nusitae nye be zi geɖe la, lɔlɔ̃ na lãwo ate ŋu anɔ anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Avuvi alo dadivi sue dzeani aɖe si gbɔ womelɔ̃a nu lena o atsi azu lã gã si ƒe nuhiahiãwo gbɔ wòle be woanɔ kpɔkpɔm. Gake ɣeyiɣi alo dzigbɔɖi manɔ ƒomea me tɔ aɖeke si wòanɔ fefem kple lãa alo ana hehee o. Agbalẽŋlɔna kple lãwo ŋutinunyala Ðk. Newby gblɔ be: “To vovo na ame geɖewo ƒe nukpɔsusu la, numekuku siwo wowɔ le xexeame godoo la ɖee fia zi geɖe be lã siwo va nyɔna ɖe lãxɔƒewo la ƒe afã menye esiwo bu wofɔ o, ke boŋ woa ŋutɔwo ƒe aƒetɔwoe kplɔ wo yii, esi woƒe wowó vivivo, nudomegbegblẽ, alo adãwɔwɔ ti kɔ na wo ta.”

Internet nyatakakaxɔƒe aɖe si ƒoa nu tso lãwo ƒe agbɔsɔsɔ akpa ŋu ƒo nyaa ta ale: “Nu gbagbewo va zu nuzazã siwo woléa be na ne wonya kpɔ eye wotsɔa wo ƒua gbe ne wozu kplamatsedonu. Bubumademade lãwo ŋu alea va le aƒe xɔm ɖe míaƒe dukɔa me hele nu gblẽm.”

Nya Vevi Siwo Ŋu Wòle Be Woade Ŋugble Le

Lã ƒe amegbɔnɔnɔ bia nuŋububu deto, vevietɔ le dugãwo me. Lã siwo si lãmesẽ le hiã kamedede gbesiagbe be woayi edzi anɔ lãmesẽ me. Woɖee fia le “Dukɔmeviwo Kple Lãwo Ŋuti Numekuku” si wowɔ le Australia me be: “Azɔlizɔzɔ kple kamedede ƒomevi bubuwo siaa nye ŋutilã me nuhiahiã kple susu me ƒe ameʋãnu si avu hiã. Avu siwo medea kame nyuie o dzi kpɔkpɔ ate ŋu ava ti kɔ na ame.” Ke hã, ɖeɖi tea amesiwo si avu le dometɔ geɖe ŋu ne wogbɔ tso dɔme ale gbegbe be woƒe avuwo kpɔkplɔ ɖi tsae be woade kame zua agba.

Eyata enyo be amesiwo di be lã nanɔ yewo gbɔ nabia nya siawo wo ɖokui: ‘Ðe mate ŋu alé be na lã si le gbɔnyea? Ðe nye gbesiagbegbenɔnɔ awɔe be nyemakpɔ ɣeyiɣi akpɔ nye lãa ƒe nuhiahiãwo gbɔ le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ me oa? Ðe makpɔ ɣeyiɣi anɔ nye lãa kplɔm ɖi tsae alo afe kplia? Ne ehiã be woana hehe nye avu ɖe, ɖe mele klalo anae alo akplɔe ayi hehexɔƒeea? Ðe lãa ƒe gbɔnyenɔnɔ axɔ ɣeyiɣi si mazã ɖe dɔ siwo le vevie wu ŋu la le asinyea?’

Nu bubu si ŋu wòle be woabu enye be lã ƒe amegbɔnɔnɔ ate ŋu abia ga geɖe zazã. Amesiwo gbɔ lã le ŋuti numekuku aɖe si wowɔ le United States ɖee fia be avu ɖeka kpɔkplɔ yi kɔdzi ƒe sia ƒe le mama dedie nu xɔ dɔlar 196, dadi ɖeka xɔ dɔlar 104. Gake nuɖuɖu veviwo kple gbesiagbe nuhiahiã bubuwo mekpe ɖe ga ma ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, woxɔa ga ɖe lãwo dede agbalẽ me ta le nuto aɖewo me.

Nukpɔsusu si Da Sɔ ƒe Amesinɔnɔ Mele Bɔbɔe O

Adzɔ dzi na mía Wɔla ŋutɔ ne míetsɔ ɖe le eƒe nuwɔwɔ siwo nye lãwo me helé be na wo lɔlɔ̃tɔe. Ekema màlɔ̃ ɖe edzi be masɔ be woasẽ ŋuta le lãwo ŋu oa? Ke hã, le modzakaɖeɖe ta la, amegbetɔwo ɖea mɔ wosẽa ŋuta le lãwo, abe nyitsu, avu, kple koklo ene ŋu vevie, eye wowua wo le lãvuwɔwɔwo me. Nublanuitɔe la, amewo mewɔa nu ɖe lãwo ŋu ɣesiaɣi abe alesi Mawu ɖoe be woawɔ nu ɖe wo ŋu le dɔmetɔtrɔ me ene o.

Le go bubu me la, ame aɖewo tsɔa ɖe le lãwo me wu nusiwo le vevie wu gɔ̃ hã. Le nyateƒe me ne womelé ŋku ɖe lɔlɔ̃ si wòle be wòatsɔ na lã ŋu nunyatɔe o la, ate ŋu ava dze abe lãwo ƒe agbe le vevie wu amegbetɔwo tɔ gɔ̃ hã ene. Le kpɔɖeŋu me, esi dzo dze lãwo ƒe kɔdzi aɖe eye lãtɔawo ƒo ƒu ɖe gota la, woka nya ta be wo dometɔ aɖewo “te kpɔ be yewoaflɔ gaɖɔ si wotsɔ xe woa kple dzobibia domee la, henɔ avi fam be yewodi be yewoaku kple yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo.”

Ele eme be awɔ nublanui ŋutɔ be woakpɔ lã si gbɔ womelɔ̃a nu le o naku. Gake ehiã be woada asɔ le nudzɔdzɔ mawo gɔ̃ hã me. Abe alesi míede dzesii va yi ene la, womewɔ lãwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me o, eye womewɔ wo be woanɔ agbe tegbee abe amegbetɔwo ene o. Biblia gblɔ le alesi Mawu wɔ amegbetɔwoe ŋu be: ‘Ede mavɔmavɔ dzi me na wo.’ Ke hã, womegblɔ nya sia tɔgbe aɖeke le lãwo ŋu o.—Nyagblɔla 3:11.

Eyata Biblia megblɔ be enye nuvɔ̃ be woawu lãwo o—le nyateƒe me la, woawoe nye ame miliɔn geɖewo ƒe nuɖuɖu fifia. Ke amegbɔlã aɖe wuwu—le kpɔɖeŋu me, lã aɖe si dze dɔ hele fu kpem—ya ɖe? Nyametsotso sesẽ teɖeamedzi ka gbegbee nye si ema ate ŋu anye! Ke hã amesi melɔ̃a nu le lã aɖe gbɔ o ate ŋu atso nya me be mɔnu aɖe si me vevesese mele o eye wòatsɔ la dzi toto awu lãa nyo wu ho gbogbo ƒe atikewɔwɔ nɛ, evɔ wòadzi lã malɔ̃nugbɔa ƒe fukpekpea ɖe dzi—ahana nu nate ƒomea ŋu le ganyawo gome gɔ̃ hã.

Mawu lɔ̃ eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo la vevie, ɖe mele be míawo hã míalɔ̃ lã siwo wòtsɔ de asi na mí be míakpɔ wo dzi ahalé be na wo oa? Zi geɖe la, amesiwo me lɔlɔ̃ sia tɔgbe le doa dzidzɔ ɖe alesi mía Wɔla la ɖoe le gɔmedzedzea me be míase vivi le anyinɔnɔ kple lãwo me ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la ŋu. Nyati siawo ƒe mlɔetɔ aƒo nu tso amegbɔlãwo ƒe nyatia ƒe akpa sia ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nukatae wowua amegbɔlã miliɔn geɖe ƒe sia ƒe le lãwo xɔƒe?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Hulton-Deutsch Collection/CORBIS

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Lã ƒe amegbɔnɔnɔ abia nu geɖe wu alesi ame geɖe susunɛ, vevietɔ le dugãmenɔlawo gome

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mía Wɔla la kpɔa dzidzɔ ne míewɔ nu ɖe lãwo ŋu le dɔmekɔkɔ me