Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aƒe Nyui Asu Amesiame Si—mlɔeba!

Aƒe Nyui Asu Amesiame Si—mlɔeba!

Aƒe Nyui Asu Amesiame Si—mlɔeba!

NE ÈNYA do go le Kenya ƒe dugã si nye Nairobi me teti ko la, àkpɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔƒe vovovo siwo le Gigiri, siwo dome Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amenɔƒe Ŋuti Ðoɖo dɔwɔƒegã hã le. Anyigba si ƒe lolome ade hekta 56 dzie wotu wo ɖo. Teƒe sia nye dzesi be xexeame dukɔwo katã ɖoe kplikpaa be yewoakpɔ aƒemanɔamesi ƒe kuxia gbɔ. Ne èzɔ to Gigiri Dzɔdzɔmenuwo Nɔƒea la, ekema àkpɔ alesi gbegbe wòanya wɔ be amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze kple gakpekpeɖeŋunana ɖekae ana woawɔ nu gãwo. Wotrɔ asi le teƒe sia si nye kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla tsã la ŋu wòva zu modzakaɖeƒe dzeani aɖe na dɔwɔlawo siwo le afima kple amedzrowo.

Gake ne èzɔ yi ŋgɔ vie kilometa ʋɛ aɖewo la, ekema àkpɔ du madeamedzi aɖe si wotso yeye si le kekem ɖe enu, afisi ame geɖe le ʋuʋum va. Alesi gbegbe aƒemanɔamesi ƒe kuxi si li fifia le fu ɖem na amewoe la ƒe ŋkuɖodzinu wɔnublanui aɖee wònye. Aƒe madeamedzi mawo, siwo wotsɔ anyi, ati, kple zingli falɛfalɛwo tu la ƒe didime anɔ meta ene eye kekeme hã meta ene. Tsi ƒoɖiwo ʋẽna ŋutɔ le mɔ siwo to afima dzi. Ga si amewo zãna tsɔ dzea tsi le afima la de esi amewo zãna le United States (États-Unis) la ƒe teƒe atɔ̃. Ame 40,000 kloe siwo le afisia la dometɔ akpa gãtɔ le woƒe ƒe 20-awo kple 30-awo me. Menye kuviatɔwo alo amesiwo medi be yewoadze agbagba aɖeke o ye wonye hafi o. Dɔ diƒee wova le Nairobi du si te ɖe wo ŋu me.

Evɔ xexeame ƒe kplɔlawo va ƒoa ƒu le teƒe nyui nyakpɔ si gogo afima, be yewoadzro nu me tso ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi dahe siwo le nuto ma ke me ƒe etsɔme ŋu. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã gblɔ be nyateƒenya ɖefunamea ye nye be “nunɔamesiwo, ŋutete, kple ŋusẽ le xexea si” be wòana amesiwo le aƒe madeamedziwo me ƒe nɔnɔmea naka ɖe eme hafi. Ekema nukae wòle be woawɔ? Aƒetɔ Annan ƒo eƒe nyaa ta be: “Mele mɔ kpɔm be . . . amesiwo katã ƒe ŋkume nyaa kpɔ la [ate ŋu] aɖe nusiwo xea mɔ ɖe ŋgɔyiyiwɔwɔ nu la ɖa, siwo nye ɖekematsɔleme kple lɔlɔ̃nu faa ƒe didi si mele dziɖuɖuwo me o.”

Gake ɖe kakaɖedzi aɖe le mɔkpɔkpɔ ma ŋua? Nukae hiã woawɔ hafi xexeame, nutowo me, kple dukɔwo me dunyahelawo aɖe asi le woa ŋutɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ŋu be yewoawɔ dɔ ɖekae akpɔ kuxia gbɔ na amesiame? Ame aɖe li si si nunɔamesi, ŋutete kple ŋusẽ le be wòana kuxi si li fifia navɔ keŋkeŋ. Nusi ganyo wue nye be ame ƒe nu wɔa nublanui nɛ eye wòdi be yeaɖe afɔ kpuie. Le nyateƒe me la, eƒe dziɖuɖua wɔ ɖoɖo tso alesi wòawɔ akpɔ aƒemanɔamesi ƒe kuxi si le xexeame katã gbɔ ŋu xoxo.

Ðoɖo Yeye Hena Aƒetsotso

Mía Wɔla Yehowa Mawu gblɔ nusi ƒe tame wòɖo la na mí le Biblia me. Edo ŋugbe be: “Mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye.” (Yesaya 65:17) Ema ahe tɔtrɔ gãwo vɛ. “Dziƒo” dziɖuɖu yeyea ya awɔ nusi amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo li fifia mate ŋu awɔ o. Mawu ƒe Fiaɖuƒea, alo eƒe dziɖuɖua akpɔ egbɔ be amesiwo katã le anyigba yeyea dzi la le lãmesẽ me, le dedie, eye bubu le wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Wogblɔ na Yesaya do ŋgɔ be woaƒo amesiwo ava nɔ anyigba yeyea dzi la nu ƒu le “ŋkeke mlɔeawo me.” (Yesaya 2:1-4) Esia fia be tɔtrɔ siawo gogo vɔ.—Mateo 24:3-14; Timoteo II, 3:1-5.

Eɖe dzesi ŋutɔ be le Yesaya ta 65 ƒe kpukpui bubuwo me la, Mawu gblɔe eme kɔ be yeana aƒe nasu amesiame si tegbee ɣemaɣi. Egblɔ be: “Woatu xɔ anɔ eme . . . Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o.” (Yesaya 65:21, 22) Wò ya bu eŋu kpɔ le susu me ko, be nèva le xɔ nyui aɖe me, le teƒe siwo le dzadzɛ hele dedie, le paradiso nyui aɖe me! Ðe ame aɖe li si nusiawo madzɔ dzi na oa? Gake aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu awɔ nusiwo ƒe ŋugbe wòdo?

Ŋugbedodo si Dzi Nàte Ŋu Aka Ðo

Esi Mawu wɔ Adam kple Xawa le gɔmedzedzea me la, meɖe asi le wo ŋu ko da ɖe gbedadaƒo afi aɖe o. Ke boŋ ena wonɔ abɔ aɖe me le Eden, si nye gbadzaƒe nyakpɔ aɖe, afisi ya fafɛ nyui, tsi, kple nuɖuɖu gbogbo aɖe bɔ ɖo. (Mose I, 2:8-15) Egblɔ na Adam be ‘woayɔ anyigba dzi,’ ke menye woadzi asɔ gbɔ akpa ɖe edzi o. (Mose I, 1:28) Tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea mee nye be ɖoɖo, nuwɔwɔ aduadu, kple nu nyuiwo nabɔ amesiame nakpɔ.

Emegbe le Noa ƒe ŋkekea me la, amegbetɔwo va nɔ ŋutasesẽnuwo wɔm, heva nɔ agbegbegblẽ nɔm, si wɔe be “xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me.” (Mose I, 6:11, 12) Ðe Mawu ŋe aɖaba ƒu nɔnɔmea dzi ko evɔa? Ao. Eɖe afɔ enumake. Ena xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔ aɖe va, si wɔe be wòkɔ anyigba la ŋu, le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ ta kple le nuteƒewɔla Noa kple eƒe dzidzimeviwo ta. Eyata esi Noa do go le aɖakaʋua me va eƒe aƒe yeyea me la, wogagblɔ nɛ ake be woadzi, ‘woasɔ gbɔ, eye woayɔ anyigba la dzi.’—Mose I, 9:1.

Le ema megbe kura gɔ̃ hã la, Mawu tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham la na tɔgbuiyɔvia siwo nye Israel-viwo. Wogblɔ tso Ŋugbedodonyigba ma ŋu be enye “anyigba, si nyo, eye wòlolo . . . , si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.” (Mose II, 3:8) Le Israel-viwo ƒe tomaɖomaɖo ta la, wotsa tsaglãla le gbeadzi ƒe 40 sɔŋ, eye womekpɔ aƒe aɖeke nɔ eme o. Ke hã, abe alesi Mawu gblɔe ene la, eva na anyigba si dzi woatso aƒe ɖo la wo mlɔeba. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me ka nya ta be: “Yehowa na wokpɔ gbɔdzɔe le afisiafi . . . Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va eme pɛpɛpɛ.”—Yosua 21:43-45.

Aƒe Le Amesiame Si Azɔ!

Eyata eme kɔ be Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo le Yesaya ta 65 la ava eme godoo. Esi eyae nye nuwo katã Wɔla ta la, ŋusẽ le esi be wòawɔ nusianu si hiã be wòakɔ anyigba ŋu ahana tame si wòɖo ɖe eŋu le gɔmedzedzea me nava eme. (Yesaya 40:26, 28; 55:10, 11) Gawu la, Biblia ka ɖe edzi na mí be edi be yeawɔ nusia. (Psalmo 72:12, 13) Eɖe afɔ le blema va yi kpe ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu wokpɔ aƒe nyuiwo nɔ eme, eye egale ewɔ ge kpuie.

Le nyateƒe me la, esime Via Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia nane koŋ, be ‘woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene.’ (Mateo 6:10) Egblɔe be anyigba ava zu paradiso. (Luka 23:43) Wò ya bu nusi ema afia ŋu kpɔ ko. Du madeamedzi aɖeke maganɔ anyi o, ame aɖeke magava tso aƒe ɖe ame bubu ƒe anyigba dzi o, amewo magadɔ ablɔ dzi azɔ o, eye womeganya ame aɖeke le xɔhaya me azɔ o. Dzi adzɔ mí ɣemaɣi lo! Ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum la, ekema amesiame akpɔ aƒe nyui si me wòanɔ mlɔeba!—g05 9/22.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

ALESI WOTSOA AƑEE LE BLEMA ISRAEL

Edze ƒã be Israel-viwo lɔ̃a kpe tsɔtsɔ tu xɔe abe Kanaantɔwo siwo nɔ anyigbaa dzi do ŋgɔ na wo ene, elabena xɔ siawo sẽa ŋu wu bubuawo, eye ekpɔa ame ta tso amedzidzelawo hã si me wu. (Yesaya 9:9; Amos 5:11) Gake le baliwo me ya la, wozãna anyikpe siwo wosia ɖe ŋdɔgbe woƒu, alo esiwo womena, tsɔ ɖoa gli ɖe aƒewo ŋu. Wogbana xɔ geɖe tame gbadzaa, eye ɣeaɖewoɣi hã wotua xɔvi aɖe ɖe xɔa tame. Abolokpo nɔa aƒe geɖe me, eye ɣeaɖewoɣi hã vudo nɔa anyi.—Samuel II, 17:18.

Mose ƒe Sea na ɖoɖo geɖe siwo nu woatu xɔ ɖo. Nusi nɔ vevie koŋue nye aƒea ƒe dedienɔnɔ. Ele be woatɔ kpɔ sue aɖe ɖe xɔ si tame le gbadzaa ŋu be ame aɖeke nagage tso edzi adze afɔku o. Se ewolia xlɔ̃ nu Israel-viwo be wo havi ƒe aƒe megabia ŋu na wo o. Gome le amesiame si le eƒe aƒe dzram la si, vaseɖe ɣeaɖeɣi ya teti, be wòagagbugbɔ axɔe.—Mose II, 20:17; Mose III, 25:29-33; Mose V, 22:8.

Israel-viwo zãna woƒe aƒewo hena nufiame xɔxɔ tso Mawu ƒe Nya me hã. Wogblɔ na vifofowo koŋ be woafia Mawu ƒe nudidiwo wo viwo ne wobɔbɔ nɔ aƒe me, eye ele be woakpɔ egbɔ be trɔ̃subɔsubɔnu aɖeke mele aƒea me o.—Mose V, 6:6, 7; 7:26.

[Nɔnɔmetata]

Le blema Israel la, wowɔa mawusubɔsubɔdɔwo le aƒewo me, abe ne wole Agbadɔŋkekenyui ɖu ge ene

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 12]

AƑE SIWO NƆ ANYI LE BLEMA

Biblia megblɔ nya aɖeke tso Adam ŋu be xɔ mee wònɔ o. Gake Mose I, 4:17 gblɔ be Kain ‘tso du, eye wòtsɔ via ƒe ŋkɔ na du la bena Henox.’ Ne míebui le egbe ƒe nukpɔkpɔ nu la, ke kɔƒe gã aɖe koe du ma anye. Womegblɔ xɔ si ƒomevi wotu ɖe dua me o. Ðewohĩ Kain ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo koe nɔ kɔƒe bliboa me.

Avɔgbadɔwo mee amewo lɔ̃a nɔnɔ le blema. Woyɔ Kain ƒe dzidzimevi bubu si ŋkɔe nye Yabal be “agbadɔ me nɔlawo kple lãnyilawo fofo.” (Mose I, 4:20) Avɔgbadɔwo wɔwɔ le bɔbɔe eye woate ŋu anya kɔ adzo bɔbɔe hã.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋkuʋuʋu va wɔe be amewo va tso dugã siwo me aƒe siwo nya kpɔ wu nɔ. Le kpɔɖeŋu me, le dugã si nye Ur si blemafofo Abram (Abraham) nɔ kpɔ me la, nusiwo wofɔ le afima ɖee fia be dua me nɔla aɖewo zrɔ̃ woƒe xɔwo ŋu hesi akalo na wo, eye le aƒe aɖewo me la, xɔ 13 alo 14 nɔnɛ. Aƒe siawo ƒomevi anya dzro ame geɖe ɣemaɣi.

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Mawu do ŋugbe be yeana aƒe si le dedie nasu ame dzɔdzɔewo si