Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛ Siwo Ðia Ðase Nyuie

Sɔhɛ Siwo Ðia Ðase Nyuie

Sɔhɛ Siwo Ðia Ðase Nyuie

Sɔhɛ Yehowa Ðasefo geɖe ƒoa nu tso woƒe dzixɔse ŋu dzinɔameƒotɔe le suku kple le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me, eye wokpɔ dzidzedze nyuie le esia wɔwɔ me. De ŋugble le kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ. *

Kristina gblɔ be: “Esi menɔ klass etɔ̃lia la, míaƒe nufiala tsɔ agbalẽ aɖe na mía dometɔ ɖesiaɖe be míaŋlɔ nusiwo míewɔna gbesiagbe ɖe eme. Nufialaa va xlẽna nusiwo míeŋlɔ ɖe agbalẽa me, eye wòŋlɔa agbalẽ na mí emegbe. Metso nya me be maŋlɔ nu tso dɔ si mava wɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me kpuie ŋu. Ewɔa abe nusi meŋlɔ wɔ dɔ ɖe nufialaa dzi ene, eyata mekpee be wòava Fiaɖuƒe Akpataa me ava se nye nuƒoa. Menye eya ɖekae koe va o, woa kple nufiala si fia num le klass gbãtɔe va. Emegbe le suku la, nufialaa gblɔ alesi nye nuƒoa vivi enue na klass bliboa. Dzi dzɔm ŋutɔ. Gake menye ye katãe nye ema o. Anɔ abe ƒe ɖeka megbe ene la, megblɔ nye nuteƒekpɔkpɔa le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue takpekpe aɖe me, eye nye nufialaa va takpekpe ma hã. Emegbe mía kple xɔ̃nye mɔɖela aɖe míetsɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me yi nɛ. Ede míaƒe nutome gã takpekpe aɖe gɔ̃ hã!”

Esime Sydnee xɔ ƒe ade la, eɖea gbeƒã dzinɔameƒotɔe tso nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nyaa me, nɔnɔme si me ame kuku le, kple ɖoƒe si Yesu le ne wotsɔe sɔ kple Mawu ŋu na eƒe sukuxɔ me hatiwo. Dada gblɔ be: “Subɔla sue veviedonula si mevɔ̃na o ye wònye.” Le eƒe sukuƒe gbãtɔ ƒe nuwuwu la, nane te ɖe Sydnee dzi. Egblɔ be: “Metsi dzi ɖe nye sukuxɔ me hatiwo ŋu. Aleke woawɔ asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu?” Susu aɖe va tame na Sydnee. Le woƒe mɔkegbe la, etsɔ nunana aɖe si ŋu wòbla nu ɖo na sukuvi ɖesiaɖe. Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo ye wòtsɔ na wo. Sydnee ma ɖekaɖeka 26 sɔŋ na wo hegblɔ na wo be woate ŋu atsɔ nunanaa ayi aƒeme woa kple wo dzilawo woava ʋui. Sydnee tsɔ eƒe sukuxɔ me hatiwo abe eya ŋutɔ ƒe anyigbamama si me wòɖea gbeƒã lena ene. Eƒoa ka biana wo alesi agbalẽa le wo nu vivimee. Nyɔnuviawo dometɔ ɖeka gblɔ be ye kple ye dada yewoxlẽa agbalẽa zã sia zã.

Esime Ellen xɔ ƒe 15 la, ena Nyɔ! ƒe tata geɖe nufiala si fianae blemaŋutinya. Ellen gblɔ be: “Nyɔ! ƒe tatawo xexlẽ vivia enu ŋutɔ, eye ƒe eve enye esia fifia wòle wo xlẽm.” Ellen yi edzi be: “Nyitsɔ laa metsɔ agbalẽ si nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo nɛ, eye wògblɔ nam be ye vinyɔnuvi eveawo le exlẽm kple dzidzɔ. Eyata megana agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe ɖekae. Emegbe nufialaa na akpedagbalẽvim. Nya siwo le agbalẽvia me xlẽ ale: ‘Akpe na wò kakaka ɖe agbalẽawo ta. Mía kple vinyenyɔnuviawo míele wo xlẽm vevie. Enyea dzidzɔ be woakpɔ sɔhɛ siwo le abe wò ene woali ke ahatsɔ wo ɖokui ana faa. Nunana nyuitɔ kekeake si wona wòe nye wò xɔse. Efia nu geɖem wu nusi nye ya mate ŋu afia wò!’ Nuteƒekpɔkpɔ sia fiam alesi gbegbe Biblia me nyateƒea xɔa asi na amewoe ne míedze agbagba gblɔe na wo.”

Ƒe adee Daniel xɔ esime wòdze Biblia sɔsrɔ̃ kple ame aɖe. Egblɔ be: “Mía kple nɔnye míeyina va wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple amewo, gake medi be nye ŋutɔ mafia nu ame aɖe.” Daniel tia Aƒenɔ Ratcliff—si nye nyɔnu tsitsi aɖe si wòna Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe—be yeasrɔ̃ nu kplii. Egblɔ na nyɔnua be: “Medi be matsɔ agbalẽ si nyoa ŋunye wu ɖesiaɖe si nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo afia wò.” Egblɔ kpee be: “Medi be manya ne mate ŋu ava nɔ exlẽm na wò kwasiɖa sia kwasiɖa.” Aƒenɔ Ratcliff lɔ̃ ɖe Daniel ƒe nyaa dzi. Laura si nye Daniel dada, gblɔ be: “Míedze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Aƒenɔ Ratcliff gbemagbe fiẽ. Daniel kple Aƒenɔ Ratcliff ɖɔlia wo nɔewo xlẽa memamawo, eye emegbe Daniel biana tsoa nyɔnua si be wòaxlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ ɖe ŋutinyaa ƒe nuwuwu la dometɔ aɖewo. Mía kple Daniel ye yina, gake ewɔ abe Daniel koŋue Aƒenɔ Ratcliff dina be yeadzro nusiawo me kpli ene!” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Daniel dze Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi sɔsrɔ̃ kple Aƒenɔ Ratcliff. Ɣemaɣi la, Daniel nɔvi sue Natalie tsi vie henya nuxexlẽ, eyata eya hã va kpe ɖe wo ŋu le nua sɔsrɔ̃ me. Aƒenɔ Ratcliff biaa nya geɖe—wo dometɔ aɖewo sesẽ. Gake Daniel kple Natalie zãna Bible Topics for Discussion [Sujets de conversation bibliques] kple nyawo diƒe si le [New World Translation alo Traduction du monde nouveau] Biblia me tsɔ nana ŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo mee. Katolikotɔe Aƒenɔ Ratcliff nye le eƒe agbe me katã, gake nusi srɔ̃m wònɔ dzɔ dzi nɛ ale gbegbe. Le nusɔsrɔ̃ aɖe ƒe nuwuwu la, Aƒenɔ Ratcliff gblɔ be: “Ame ɖe kpɔ be ɖe medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme xoxo ɖe!” Nublanuitɔea, Aƒenɔ Ratcliff ku nyitsɔ laa esime wòxɔ ƒe 91. Gake Biblia sɔsrɔ̃ na wòva nya nyateƒe xɔasi siwo dometɔ aɖee nye mɔkpɔkpɔ si le Biblia me be ame kukuwo afɔ ava nɔ agbe le paradisonyigba dzi. Daniel xɔ ƒe ewo fifia, eye wòwɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ eve. Natalie si xɔ ƒe enyi fifia la srɔ̃a Biblia kple nyɔnuvi sue aɖe si le abe eya ŋutɔ ene.

Sɔhɛ siwo le abe Kristina, Sydnee, Ellen, Daniel kple Natalie ene ƒe nuwɔna nana dzi dzɔa wo dzila Kristotɔwo. Vevietɔ wu la, wonana dzi dzɔa Yehowa, eye maŋlɔ alesi sɔhɛ siawo lɔ̃ eƒe ŋkɔ la be o.—Lododowo 27:11; Hebritɔwo 6:10.—g05 9/8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Yehowa Ðasefowo ye ta agbalẽ siwo katã míeyɔ le nyati sia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Kristina (le etame) kple Sydnee

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Daniel kple Natalie

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ellen