Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mehiã Xɔlɔ̃ Siwo Ðɔ Ʋu Wua?

Ðe Mehiã Xɔlɔ̃ Siwo Ðɔ Ʋu Wua?

Sɔhɛwo Biana Be

Ðe Mehiã Xɔlɔ̃ Siwo Ðɔ Ʋu Wua?

“Ne nane do dziku nam la, medina be maɖe nye seselelãmewo agblɔ na ame aɖe. Ne melé blanui la, medina be ame aɖe nade dzi ƒo nam be, ele nyonyo ge. Ne mele dzidzɔ kpɔm la, medina be mía kple ame aɖe míakpɔ dzidzɔa. Le gonyeme la, ele vevie be xɔlɔ̃ nanɔ ame si.”—Brittany.

WOGBLƆNA be ɖeviwo hiã fefewɔhatiwo, eye ƒewuiviwo ya hiã xɔlɔ̃wo. Nu kae nye vovototoa?

Fefewɔhati nye ame aɖe si mia kplii miefea fefe.

Xɔlɔ̃ nye ame aɖe si hã kpɔa dzidzɔ ɖe nu siwo ŋu nèdea asixɔxɔe ŋu.

Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ be “xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Xɔlɔ̃wɔwɔ deto ƒomevi aɖe si de ŋgɔ wu esi nɔa fefewɔhatiwo dome la ŋue nya sia anya ku ɖo!

Nyateƒenya: Esi nèle tsitsim la, èhiã xɔlɔ̃ siwo

(1) Si nɔnɔme nyoameŋuwo le.

(2) Nɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu.

(3) Akpɔ ŋusẽ nyui ɖe dziwò.

Biabia: Aleke nàwɔ anya ne xɔ̃wòwo ɖo nudidi siawo gbɔ? Na míadzro wo me ɖekaɖeka.

Xɔlɔ̃dzedze Ƒe Nudidi #1 tɔ Nɔnɔme Nyoameŋuwo

Nu si wòle be nànya. Menye ame sia amee anye xɔlɔ̃ nyui o. Biblia gblɔ gɔ̃ hã be ‘zɔhɛ aɖewo li, siwo dina be yewogblẽ nu le wo nɔewo ŋu.’ (Lododowo 18:24) Ðewohĩ nya sia awɔ nuku na wò. Gake bu eŋu kpɔ: Ðe “xɔlɔ̃” aɖe nɔ asiwò si ɖoe koŋ ba wò kpɔa? Ke “xɔlɔ̃” aɖe si gblɔa ŋuwònya vɔ̃ le megbewò alo kakaa wobewobewo le ŋuwò ya ɖe? Ne nu siawo dzɔ ɖe dziwò kpɔ la, woate ŋu ana màgaka ɖe xɔ̃wòwo dzi o. * Ele be nàɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be le xɔlɔ̃dzedze gome la, xɔlɔ̃ nyui ʋɛ dzedze nyo wu xɔlɔ̃ manyomanyo geɖe ƒe amesinɔnɔ!

Nu si nàte ŋu awɔ. Tia ame siwo si nɔnɔme nyui siwo nàte ŋu asrɔ̃ le la woanye xɔ̃wòwo.

“Ame sia ame ƒoa nu nyui tso xɔ̃nye Fiona ŋu. Nye hã medi be amewo naƒo nu nyui tso ŋunye. Medi be ŋkɔ nyui nanɔ ŋunye abe eya ke ene. Mebua esia be enye nɔnɔme nyoameŋu aɖe.”—Yvette, si xɔ ƒe 17.

Te mɔfiame sia kpɔ.

1. Xlẽ Galatiatɔwo 5:22, 23.

2. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe xɔ̃nyewo ɖea nɔnɔme siwo ƒo ƒu nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” fiana?’

3. Ŋlɔ xɔ̃wò siwo mia kpli wo dome le kplikplikpli ƒe ŋkɔwo ɖe ete. Ŋlɔ nɔnɔme si ɖea dzesi wu le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ɖe eƒe ŋkɔ xa.

Ŋkɔ Nɔnɔme

․․․․․ ․․․․․

․․․․․ ․․․․․

․․․․․ ․․․․․

Aɖaŋuɖoɖo: Ne nɔnɔme gbegblẽwo koe vaa susu me na wò ku ɖe wo dometɔ aɖe ŋu la, ekema ehiã be nàdi xɔlɔ̃ siwo ɖɔ ʋu wu!

Xɔlɔ̃dzedze Ƒe Nudidi #2 lia—Agbenɔnɔ Ðe Biblia Ƒe Dzidzenuwo Nu

Nu si wòle be nànya. Zi ale si nèdi vevie be yeadze xɔlɔ̃woe la, zi nenemae àlɔ̃ adze xɔlɔ̃ kple ame maɖɔʋuwo. Biblia gblɔ be: “Ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Nya “bometsilawo” mefia ame siwo si nunya mele o. Ke boŋ eku ɖe ame siwo gbea aɖaŋuɖoɖo si me nunya le xɔxɔ, eye le esia teƒe la, wonɔa agbe le mɔ si tsi tsitre ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu la nu—esiawoe nye xɔlɔ̃ siwo ƒomevi mèhiã o!

Nu si nàte ŋu awɔ. Le esi nàdze xɔlɔ̃ kple ame ɖe sia ɖe si alɔ̃ wò nya ko la, anyo be nàtia wo me. (Psalmo 26:4) Gake esia mefia be nàbu nazã ɖe amewo ŋu o. Le go sia me la, amewo me tiatia fia be nugɔmesese ƒe ŋutete deŋgɔ le asiwò be nàte ŋu akpɔ ‘vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple ame si mesubɔnɛ o la dome.’—Maleaxi 3:18.

Mawu mekpɔa ame ŋkume o, gake le ame siwo ‘adze eƒe agbadɔ me’ ya gome la, etiaa wo me. (Psalmo 15:1-5) Wò hã àte ŋu awɔ nenema. Nɔ agbe ɖe dzidzenu dzɔdzɔewo nu, eye ame bubu siwo le agbagba dzem be yewoawɔ nenema ke la ade dzesi wò. Mlɔeba la, woava zu xɔ̃wò nyuitɔwo kekeake!

“Medaa akpe be dzinyelawo kpe ɖe ŋunye medze xɔlɔ̃ nyuiwo—hanyeti siwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu.”—Christopher, si xɔ ƒe 13.

Te mɔfiame sia kpɔ.

Ðo biabia siwo gbɔna ŋu:

▪ Ne mele xɔ̃nyewo dome la, zi geɖe la, ɖe mevɔ̃na be woava zi dzinye be mawɔ nane si menya be menyo oa?

□ Ɛ̃ □ Ao

▪ Ðe mehena ɖe megbe le xɔ̃nyewo ɖeɖe fia dzinyelawo me hevɔ̃na be dzinyelawo mava kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu oa?

□ Ɛ̃ □ Ao

Aɖaŋuɖoɖo: Ne èɖo biabia siwo le etame ŋu be ɛ̃ la, ke ele be nàdi xɔlɔ̃ siwo nɔa agbe ɖe dzidzenu kɔkɔwo nu. Ðe manyo be nàdze wo didi gɔme tso ame siwo tsi wu wò vie eye woɖoa kpɔɖeŋu nyui le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me dome oa?

Xɔlɔ̃dzedze Ƒe Nudidi #3 lia—Ŋusẽkpɔɖeamedzi Nyui

Nu si wòle be nànya. Biblia gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Lauren la gblɔ be: “Ne mewɔ ɖe nu si nye sukuhatiwo bia tso asinye dzi ko hafi wolɔ̃a nye nya. Metsi akogo, eya ta meɖoe be nye hã mawɔ nu abe woawo ke ene bene woalɔ̃ nye nya.” Lauren kpɔe be, ne ènɔa agbe ɖe ame bubuwo ƒe dzidzenuwo nu la, ɖeko nàva nɔ abe aɖidati kpakpɛ le fefewɔkpe dzi ene, eye woanɔ wò hem nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm ale si dze wo ŋu. Medze be woawɔ nu ɖe ŋuwò nenema kura o!

Nu si nàte ŋu awɔ. Tso ka kple ame siwo zia dziwò be nànɔ agbe wòasɔ ɖe ale si yewonɔa agbee nu la. Ne èɖe afɔ sia la, wò dzi adze eme eye ànɔ klalo na xɔlɔ̃ ɖɔʋuwo—xɔlɔ̃ siwo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe dziwò—dzedze.—Romatɔwo 12:2.

“Xɔ̃nye vevi Clint nye ame si bua nuwo ŋu nyuie hesea veve ɖe ame nu, eye esia wɔe be wònye dzideƒotsoƒe gã aɖe nam.”—Jason, si xɔ ƒe 21.

Te mɔfiame sia kpɔ.

Bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò:

▪ Ðe metrɔ ale si medoa awui, ƒoa nui, alo wɔa nui bene madze xɔ̃nyewo ŋua?

□ Ɛ̃ □ Ao

▪ Ðe meva le teƒe siwo amewo menɔa agbe ɖɔʋu le o, siwo nye ŋutɔ nyemayi le ɖokuinye si gbeɖe o, la yim le xɔ̃nyewo ta?

□ Ɛ̃ □ Ao

Aɖaŋuɖoɖo: Ne èɖo biabia siwo le etame ŋu be ɛ̃ la, ekema te ɖe dziwòlawo alo ame tsitsi aɖe ŋu hena aɖaŋuɖoɖoxɔxɔ. Ne Yehowa Ðasefoe nènye la, àte ŋu ate ɖe Kristotɔ hamemetsitsi aɖe hã ŋu ahana wòanya be yehiã kpekpeɖeŋu le xɔlɔ̃ siwo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ye dzi tiatia me.—g09 03-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Enye nyateƒe be ame sia ame wɔa vodada. (Romatɔwo 3:23) Eya ta ne xɔ̃wò aɖe dze agɔ le dziwò eye emegbe wòte ɖe edzi vevie la, ɖo ŋku edzi be “lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.”—1 Petro 4:8.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Nɔnɔme kawoe nàdi vevie be woanɔ xɔ̃wò si, eye nu ka tae?

▪ Nɔnɔme kawoe wòahiã be nàtu ɖo be nàte ŋu anye xɔlɔ̃ ɖɔʋu?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Esi dzinyelawo xlɔ̃ num be madzudzɔ hadede kple xɔ̃nye aɖewo la, megblɔ na ɖokuinye be ame siawo koe nye ya medi be made ha kpli. Ke hã, dzinyelawo tɔ dzɔ, elabena esi meva de ŋugble tso woƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋu la, mekpɔe be ame ɖɔʋu geɖewo li mate ŋu adze xɔlɔ̃e.”—Cole.

“Gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa mee nye mɔ nyuitɔ si dzi mekpɔ be mate ŋu ato anya hamea me tɔwo. Mɔ ma dzi metona dea ha kple ame ƒomevi vovovowo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Eye esia mee medea ha kple ame siwo lɔ̃ Yehowa le.”—Yvette.

“Medo gbe ɖa be xɔlɔ̃wo nasu asinye, ke hã, mede dzesii be nyemenɔ agbagba aɖeke dzem be make ɖe wo ŋu o. Eya ta meɖoe be ne meyi Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, manɔ tetem ɖe amewo ŋu ahanɔ dze ɖom kpli wo. Eteƒe medidi o, xɔlɔ̃ yeye geɖe va su asinye. Magblɔ kloe be nyemegase le ɖokuinye me kpɔ be metsi akogo o.”—Sam.

[Aɖaka si le axa 20]

TE AÐAŊUÐOÐO SIAWO KPƆ

Ðo dze kple dziwòlawo tso xɔlɔ̃dzedze ŋu. Bia wo woaɖo dze tso xɔlɔ̃ siwo tɔgbi nɔ wo si esime woxɔ ƒe si le asiwò fifia ŋu na wò. Ðe wòva ve wo emegbe be yewotia ame aɖewo wonye yewo xɔlɔ̃woa? Ne nenemae la, nu ka tae? Bia wo ale si nàwɔ aƒo asa na kuxi siwo me woto la dometɔ aɖewo.

Ðe xɔ̃wòwo fia dziwòlawo. Ne èle hehem ɖe megbe le esia wɔwɔ ŋu la, ekema bia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae nyemedi be maɖe wo afia dzinyelawo o?’ Ðe nɔnɔme aɖewo le xɔ̃wòwo si siwo ŋu nènya be dziwòlawo makpɔ ŋudzedze ɖo oa? Ne nenemae la, ɖewohĩ ahiã be nàlé ŋku ɖe ame siwo nàdze xɔlɔ̃ kpli la ŋu nyuie hafi atia wo.

[Aɖaka si le axa 20]

MƆ ETƆ̃ SIWO DZI NÀTO XƆLƆ̃ NYUIWO NAKPƆTƆ ANƆ ASIWÒ

▪ Nye toɖola nyui. Tsɔ ɖe le xɔ̃wòwo ƒe nyonyo kple nu siwo ŋu wotsia dzi ɖo me.—Filipitɔwo 2:4.

▪ Nye tsɔtsɔkeme. Mègakpɔ mɔ be woawɔ nu sia nu pɛpɛpɛ o. “Mí katã míewɔa vodada zi geɖe.”—Yakobo 3:2.

▪ Mèganɔ wo ŋu ɣesiaɣi o. Mehiã be nàku ɖe wo ŋu gligãa o. Xɔlɔ̃ vavãwo anɔ ŋuwò ne èhiã wo.—Nyagblɔla 4:9, 10.

[Nɔnɔmetata si le axa 18, 19]

Ne ènɔa agbe ɖe ame bubuwo ƒe dzidzenuwo nu la, ɖeko nàva nɔ abe aɖidati kpakpɛ le fefewɔkpe dzi ene, eye woanɔ wò hem nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm ale si dze wo ŋu