Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Indonesia

Tsaɖiɖi Yi Indonesia

INDONESIA nye ƒukpo 17,000 aɖewo ƒe ƒuƒoƒo. Wonya Indonesiatɔwo ɖe woƒe vividoɖeameŋu, dzigbɔɖi, amebubu kple amedzrowɔwɔ ta.

Indonesiatɔwo ƒe nuɖuɖuwo nye mɔlu kple nudonu siwo atadi su nyuie zi geɖe hekpe ɖe atikutsetsewo ŋu. Le nuto aɖewo me la, ƒomewo ɖoa aba ɖe anyigba nɔa edzi ɖua nu, eye wokaa nudonuiawo kple asi kɔna ɖe mɔlua dzi. Indonesiatɔ geɖe gblɔna be ne yewoɖu nu aleae wòvivia yewo nu wu.

Atikutsetse si nye Durian la me fu hevivina ŋutɔ, eye ame geɖewo lɔ̃a eɖuɖu togbɔ be eʋẽna hã

Indonesiatɔwo lɔ̃a aɖaŋunuwo wɔwɔ, ɣeɖuɖu kple hadzidzi. Woƒe haƒonuwo dometɔ ɖekae nye anklong. Enye pampro siwo wotsi ɖe ati ŋu. Wotrɔ asi le pamproawo ŋu ale gbegbe be ne woʋuʋu haƒonua la, woɖina etɔxɛe. Hafi woate ŋu atsɔ haƒonu sia aƒo ha la, ele be haƒola geɖewo nawɔ woƒe akpa dzi, ame sia ame aƒo etɔ le ɣeyiɣi si sɔ dzi hafi.

Kese aɖe si woyɔna be orangutan, si bɔ ɖe Sumatra kple Borneo ƒe avewo me lae nye anyigbadzilã gãtɔ si nɔa ati dzi. Ne kese sia ƒe atsua tsi la, eƒe kpekpeme tea ŋu nyea kilogram 90.7, eye eƒe abɔ eveawo ƒe kekeme nyea meta 2.4

Va se ɖe ƒe 1400 Mía Ŋɔli ƒe ƒeawo me la, Hindu-subɔsubɔha kple Buddha-subɔsubɔha si va ɖe eyomee xɔ aƒe ɖe Indonesia. Kaka ƒe 1500 naɖo la, Islam ƒo ke ɖe to ɖe Indonesiatɔwo ƒe dekɔnuwo me. Europatɔwo va le ƒe 1500 ƒe ƒeawo me be yewoadi nu ʋeʋĩwo, eye wotsɔ Kristo-subɔsubɔha vɛ.

 Yehowa Ðasefowo, ame siwo wonya ɖe woƒe Biblia-fiafiadɔ siwo wowɔna le xexea me godoo ta la, le dɔ dzi vevie le Indonesia tso ƒe 1931 me. Egbea la, wosɔ gbɔ wu ame 22,000 le Indonesia, eye wole agbagba dzem vevie le gbeƒã ɖem na tokunɔwo hã. Nyitsɔ laa la, ame siwo wu 500 ye de tokunɔgbe me kpekpe tɔxɛ aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ tsɔ ɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi.

Wotaa Nyɔ! ɖe gbegbɔgblɔ 98 me, Indonesiagbe (si wogayɔna be Bahasa Indonesia) hã le eme