Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ale Si Nàɖu Tetekpɔwo Dzi

Ale Si Nàɖu Tetekpɔwo Dzi

KUXIA

“Ɣeaɖewoɣi la, nyɔnuvi aɖewo biana be mana nye telefonkaƒodzesi yewo eye wodina be ‘yewoadze ahiãm.’ Megbena hedzona le wo gbɔ. Gake nyabiase vevi aɖe wɔa avu kple nye susu, eyae nye be ‘Nu kae gblẽ le eŋu ne metsɔ nye telefonkaƒodzesia nɛ?’ Le nyateƒe me la, nyɔnuvi mawo dometɔ aɖewo dze tugbe ŋutɔ. Ele bɔbɔe be ame nabia eɖokui be, ‘Nu kae gblẽ le eŋu?’”—Carlos, * exɔ ƒe 16.

Ðe tetekpɔwo wɔa avu kple wò hã abe Carlos enea? Ne nenemae la, ke nyae be yeate ŋu aɖu dzi.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ne èna ta le tetekpɔ me la, dzigbagbã ko wòava he vɛ na wò emegbe

Tetekpɔ vaa ame sia ame dzi, ame tsitsiwo gɔ̃ hã meto le eme o. Nyateƒee, tetekpɔwo li hamehame. Esi apostolo Paulo ŋlɔ nya siwo gbɔna la menye sɔhɛ wònye o. Eŋlɔ bena: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋu . . . , gake mekpɔ se bubu aɖe le nye ŋutinuwo me, si le aʋa wɔm kple nye susu ƒe se, eye wòléam aboyoe yina na nu vɔ̃ ƒe se.” (Romatɔwo 7:22, 23) Togbɔ be tetekpɔa nu sẽ hã la, Paulo nɔ te ɖe enu tamanamanae, eya ta wò hã àte ŋui! Nu ka tae wòle be nàzu kluvi na wò dzodzrowo? (1 Korintotɔwo 9:27) Ne èsrɔ̃ ale si nànɔ te ɖe tetekpɔwo nu fifia si nènye sɔhɛ la, ana nàvo tso dzimaɖeɖi si me egbea kura gɔ̃ hã eye wòana ŋutete vevi aɖe si nàva hiã ne ètsi la nasu asiwò.

Nyakakadɔwɔƒewo nana tetekpɔwo nu sẽna ɖe edzi. Biblia ƒo nu tso ‘sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzro,’ siwo nu sẽna ale gbegbe la ŋu. (2 Timoteo 2:22) Filmwo, televisiondziwɔnawo kple agbalẽ siwo wotsɔ ɖoa sɔhɛwo ŋkume zi geɖe la nana be dzodzro mawo nu gasẽna ɖe edzi le wo me, elabena wonana wosusunɛ be naneke megblẽ le tanana le tetekpɔkpɔwo me ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, le filmwo me la, ame eve siwo be yewonye lɔlɔ̃tɔwo la va dɔa wo nɔewo gbɔ godoo. Gake Biblia gblɔ be ŋutete le ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖua wo ɖokuiwo dzi la si be woayi “edzi atsri ŋutilã ƒe nudzodzrowo.” (1 Petro 2:11) Esia fia be wò hã àte ŋu atiae be yeaɖu tetekpɔwo dzi. Gake aleke nàwɔe?

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Nya nu siwo me nègbɔdzɔ le. Ame ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒee wotona gblẽa nu le eŋu. Eya ta nu siwo me nègbɔdzɔ le ate ŋu agblẽ ale si nèɖoe be yeawɔ nu si le eteƒe la me. Go kawo mee nànɔ ŋudzɔ le?—Biblia ƒe mɔfiame: Yakobo 1:14.

Bu tetekpɔwo ŋu do ŋgɔ. Bu nɔnɔme siwo me nàte ŋu ado go tetekpɔwo le la ŋu do ŋgɔ. Nɔ ale si nàwɔ aɖu tetekpɔkpɔwo dzi la ŋu bum le susu me.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 22:3.

Lé fu vɔ̃ eye nàlɔ̃ nyui vevie. Biblia gblɔ be esi wote Yosef kpɔ be wòakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me la, egblɔ be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” (1 Mose 39:9) Nyagbɔgblɔ “aleke gɔ̃ mawɔ” ɖee fia be Yosef lé fu vɔ̃ keŋ helɔ̃ nu nyui vevie. Ke wò ya ɖe?

Dze xɔlɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu aƒo asa na tetekpɔ geɖewo ne èdzea xɔlɔ̃ ame siwo léa fu vɔ̃ eye wòlɔ̃a nyui vevie abe wò ke ene. Biblia gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.”Lododowo 13:20.

Ƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu ana be nàdze tetekpɔ me bɔbɔe wu. Le kpɔɖeŋu me:

  • Ne ènye ŋutsu la, mègaɖe mɔ wò kple nyɔnu aɖe ɖeɖe miaɖe aga anɔ teƒe si ame aɖeke makpɔ mi le o.

  • Ƒo asa na internet-zazã le game kple teƒe siwo ana wòadzro wò be yeakpɔ gbɔdɔnuwɔnawo.

  • Ƒo asa na ame siwo ƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo nana be nu gbegblẽ wɔwɔ dzroa ame.

Se kawoe nàte ŋu ade na ɖokuiwò siwo dzi wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be màna ta le tetekpɔ me o?—Biblia ƒe gɔmeɖose: 2 Timoteo 2:22.

Do gbe ɖa hena kpekpeɖeŋu. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ gbedodoɖa dzi, be miagage ɖe tetekpɔ me o.” (Mateo 26:41) Nyateƒeae nye be, Yehowa Mawu di be nànɔ tetekpɔwo dzi ɖum, eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔe nenema hã. Biblia gblɔ be: “Maɖe mɔ be woate mi kpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o, ke hã, ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la mi, bene miate ŋu ado dzi atsɔe.”1 Korintotɔwo 10:13.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔa.