Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Susuhehe Yi Ƒomewo Dzi

Susuhehe Yi Ƒomewo Dzi

Ƒomewo le kuxi geɖewo me tom, gake Biblia me nunya si nu meyina o la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe wo nu dzidzedzetɔe ahakpɔ dzidzɔ.

Afrika

Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa gblɔ be, ele be vidada nadze nonana via gɔme le gaƒoƒo si me wònya dzi ɖevia teti ko, eye wòayi edzi anɔ eya ko nam ɖevia va se ɖe esime wòaxɔ ɣleti ade. Togbɔ be woɖo aɖaŋu sia hã la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha ƒe alɔdze si le Ɣedzeƒe kple Anyiehe Afrika si ɖoa aɖaŋu tsoa nuɖuɖu nyui ŋu la gblɔ be, boblododo siwo me wokaa aʋatso le gblɔna be “ɖeviwo ƒe nuɖuɖuwo nyo pɛ abe notsia ke ene la hã bɔ ŋutɔ.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, Ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.

Canada

Numekula siwo le dugã si nye Montreal me va de dzesii be ele bɔbɔe be, dzila siwo ƒe nya me sẽ, siwo dea se kpaɖiiwo eye womeɖea lɔlɔ̃ boo aɖeke fiaa wo viwo o la, ƒe vi 30 le alafa me la nava zu ame lolowo wu dzila siwo dana sɔna, eye wohea wo viwo le lɔlɔ̃ me.

ÈNYAA? Wogblɔ ɖeviwo hehe ƒe mɔnu si ɖea vi la ŋu nya le Biblia me ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ.—Kolosetɔwo 3:21.

Netherlands

Esi woku nu me tso Netherlandstɔwo ƒe ƒomewo ŋu la, wova kpɔe be ƒome siwo me dzila evea sia wɔa dɔ le, eye womeɖea mɔ dɔa xɔa ɣeyiɣi si woazã ɖe woƒe ƒomea ŋu la le wo si o la, tea ŋu ɖoa dze kple wo viwo nyuie wu dzila siwo ɖea mɔ woƒe dɔa xɔa ɣeyiɣi siwo wòle be woazã ɖe woƒe ƒomea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dɔwɔƒe ƒe nya aɖewo gbɔ kpɔkpɔ le aƒe me to telefon dzi la ate ŋu awɔe be dzilawo makpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu nyuie ale si dze o.

BU NYA SIA ŊU: “Ɣeyiɣi [nyuitɔ] li na nu sia nu.”—Nyagblɔla 3:1.