Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nya Etɔ̃ Siwo Amewo Adi Be Yewoabia Mawu

Nya Etɔ̃ Siwo Amewo Adi Be Yewoabia Mawu

ESIME Susan xɔ ƒe adre eye exɔlɔ̃ si ŋkɔe nye Al si xɔ ƒe asieke lé polio-dɔ si wɔe be woxɔ Al ɖe kɔdzi wònɔ dzitodzitomɔ̃ me kee nya geɖe nɔ Susan si ku ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu. Eŋlɔ nu siwo teƒe wòkpɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (The New York Times January 6, 2013) me.

Esi Susan kple dadaa wova srã Al kpɔ le kɔdzi vɔ megbe la, ebia dadaa be: “Nu ka tae Mawu na ɖevi sue sia le fu kpem alea?”

Dadaa ɖo eŋu be: “Pastɔwo agblɔ be Mawu koe nya susu si tae, gake nyea nyemenya susu si tae o.”

Le ƒe eve megbe si nye ƒe 1954 me la, esi Aƒetɔ Jonas Salk ke ɖe atike si xea mɔ ɖe polio-dɔlélea nu ŋu la, Susan dada gblɔ be ɖewohĩ Mawue kpe ɖe eŋu wòke ɖe atike sia ŋu.

Susan ɖo eŋu be: “Ðe wòle be Mawu nakpe ɖe ɖɔktawo ŋu woake ɖe atikea ŋu xoxoxo ale be Al magava nɔ dzitodzitomɔ̃ me o hafi.”

Susan gblɔ tsɔ ƒo nu siwo teƒe wòkpɔ le eƒe ɖevime la ta be, “kaka Al naku le ƒe enyi megbe la mexɔe se be Mawu aɖeke meli o.”

Abe Susan ke ene la, ame geɖe siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo alo kpɔ amewo ƒe fukpekpewo teƒe la, mekpɔ ŋuɖoɖo si na woƒe dzi dze eme tso nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpewo li ɖo ŋu o. Ame siawo dometɔ aɖewo va xɔe se be Mawu aɖeke meli o. Eye bubuwo xɔe se be Mawu li ya gake wokea ɖi nenye be etsɔa ɖe le eme na mí.

Menye ɖe ame siwo xɔe se be Mawu meli o kple mawuŋutiɖikelawo dometɔ aɖewo menɔ subɔsubɔha aɖewo me kpɔ o. Ke boŋ nu siwo subɔsubɔhawo wɔna alo fiana ye wɔe be womegava xɔ Mawu dzi se o. Wose le wo ɖokui me be subɔsubɔhawo do kpo nu, esi wometea ŋu ɖoa nyabiase vevi siwo amegbetɔwo biana la ŋu o ta. Nyabiase kawo? Nukutɔe la, ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na nyabiase mawo ke zu taɖui na mawudzixɔselawo hã. Na míade ŋugble tso nya etɔ̃ siwo amewo adi be yewoabia Mawu ne mɔnukpɔkpɔ su wo si la ŋu kple ale si Biblia ɖo nyabiase mawo ŋui.

1 “NU KA TAE NÈÐE MƆ AMEWO KPEA FU?”

Nu ka tae amewo biana nya sia?

Ame geɖe ƒoa nya ta be, ‘Mawu lɔ̃ame axe mɔ ɖe afɔkuwo ƒe dzɔdzɔ nu.’

BU NYA SIA ŊU: Ðewohĩ ame siwo tso dukɔ alo nuto bubu me ƒe nuwɔna alo dekɔnu aɖewo ate ŋu awɔ moyaa na mí—alo aku dzi na mí kura gɔ̃ hã. Eye anɔ bɔbɔe be míase woƒe nuwɔnawo gɔme bubui. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖewo me la, wobua amewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ hafi aƒo nu be enye ɖetsɔtsɔ le eme na ame; le dukɔ bubuwo me la wobunɛ be enye ame mabumabu. Le nɔnɔme eve siawo me la, míate ŋu agblɔ be ame aɖewo tɔ nyo wu o. Ke boŋ ɖe wòle be míadze agbagba anya wo nyuie wu.

Ðe nu ma tɔgbi ate ŋu adzɔ le míawo hã gome ne míese Mawu ƒe nuwɔna aɖewo gɔme oa? Ame geɖe xɔe se be fu siwo kpem amewo le fia be Mawu aɖeke meli o. Ame bubuwo ya, esi wova se nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la, wova ka ɖe edzi bliboe be Mawu li.

NYA SI BIBLIA GBLƆ: Mawu ƒe susuwo kple eƒe mɔwo to vovo na mía tɔ. (Yesaya 55:8, 9) Le esia ta la, eƒe nuwɔna kple susu siwo ta wògbɔa dzi ɖi hafi ɖea afɔ aɖewo la me makɔ na mí enumake o.

Togbɔ be ele alea hã la, Biblia mede dzi ƒo na mí be míaxɔ nya gbɔlo si nye be “womate ŋu ase Mawu ƒe mɔwo gɔme o” dzi ase o. Ke boŋ ede dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu, eye wòkpe ɖe mía ŋu míese nu si tae wòwɔa nanewo kple ɣeyiɣi siwo wòwɔa wo la gɔme. * Anya wɔ be míate ɖe Mawu ŋu gɔ̃ hã.—Yakobo 4:8.

2 “NU KA TAE ALAKPANUWƆWƆ BƆ ÐE SUBƆSUBƆHAWO ME?”

Nu ka tae amewo biana nya sia?

Ame aɖewo abia be, ‘ne Mawu dia anukwaretɔwo be woasubɔ ye la, ke nu ka tae alakpanuwɔwɔ bɔ ɖe ame siwo gblɔna be yewole esubɔm la dome?’

BU NYA SIA ŊU: Bu ŋutsuvi aɖe si gbe hehe si fofoa nɛ la, eye wòdzo le aƒe me va le agbe baɖa nɔm la ŋu kpɔ. Togbɔ be fofoa meda asi ɖe eƒe afɔɖeɖea dzi o hã la, eɖe mɔ nɛ. Ðe wòasɔ be ame siwo ava do go ɖevi ma nagblɔ be fofoa ƒe tame sẽ alo be fofo aɖeke mele esi oa? Gbeɖe! Nenema kee alakpanuwɔwɔ si bɔ ɖe subɔsubɔhawo me ɖo kpe edzi be Mawu ɖe mɔ na amegbetɔwo be woatia woawo ŋutɔ ƒe mɔ.

NYA SI BIBLIA GBLƆ: Mawu lé fu subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔwo. (Yeremiya 7:29-31; 32:35) Ke hã, eɖe mɔ na amegbetɔwo be woatia ale si woawɔ tiatiawɔblɔɖe si le wo si la ŋu dɔe. Ame geɖe siwo gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se la tiae be yewoawɔ ɖe subɔsubɔhawo ƒe nufiafia siwo tso amegbetɔwo gbɔ kple woawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo dzi.—Mateo 15:7-9.

To vovo na ema la, subɔsubɔha si dzi Mawu da asi ɖo la mewɔa alakpanu o. * Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Mele be “alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ” lɔlɔ̃ sia me o. (Romatɔwo 12:9) Subɔsubɔha akpa gãtɔ metea ŋu ɖoa dzidzenu ma gbɔ o. Le kpɔɖeŋu me, le aʋa si wowɔ le Rwanda le ƒe 1994 me la, subɔsubɔha geɖe me tɔ akpe geɖe wu woawo ŋutɔ ƒe hameviwo le esi wonye to bubu me tɔwo ta. Gake Yehowa Ðasefowo ya mewu ame aɖeke o, ke boŋ wo dometɔ geɖe tsɔ wo nɔvi haxɔsetɔwo kple ame bubuwo ɣla be woagawu wo o togbɔ be esia ate ŋu ade woƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã. Ame ɖokui tsɔtsɔ sa vɔ ɖe ame bubuwo ta alea ɖee fia be subɔsubɔha aɖe li si me alakpanuwɔwɔ mele o.

3 “TAMEÐOÐO KAE LE AGBE ŊU?”

Nu ka tae amewo biana nya sia?

Ame aɖewo biana be: ‘Nu ka tae ƒe 80 alo 90 koe amegbetɔwo nɔa agbe? Tameɖoɖo kae le agbenɔƒe kpui sia ŋu?’

BU NYA SIA ŊU: Ame geɖe siwo mexɔ Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi se o gɔ̃ hã de dzesii be nu siwo le xexea me la wɔ nuku eye wowɔa dɔ ɖe ɖoɖo nyui aɖe nu. Wode dzesii hã be woda míaƒe anyigbaa, ɣletinyigba bubuwo kple dzinua ɖe teƒe si tututu sɔ be woate ŋu alé agbe ɖe te le anyigba dzi. Wogblɔ be dzɔdzɔmese siwo kplɔa nu siawo wɔa dɔ pɛpɛpɛ ale gbegbe be ne tɔtrɔ vi aɖe va le wo ŋu la, agbe maganya nɔ le anyigba dzi o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ: Togbɔ be ame geɖewo susu be ale si míaƒe agbenɔƒewo le kpuie la ɖee fia be Mawu aɖeke meli o hã la, nu siwo le xexea me ɖo kpe edzi kɔtɛ be Wɔla aɖe li. (Romatɔwo 1:20) Tameɖoɖo aɖe tae wòwɔ nu siawo ɖo, eye míaƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi wɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo sia. Mawu wɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe le anyigba dzi tegbee, eye meɖe asi le eƒe tameɖoɖo sia ŋu o.—Psalmo 37:11, 29; Yesaya 55:11.

Togbɔ be míate ŋu akpɔ Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti kpeɖodzi kple eƒe nɔnɔme aɖewo le nu siwo wòwɔ me gɔ̃ hã la, Mawu meɖoe be míato nu mawo dzi anya yeƒe tameɖoɖo o. Hafi míate ŋu anya Mawu ƒe tameɖoɖo kple susu si ta míele agbe ɖo la, ele be eya ŋutɔ nagblɔe na mí. Egblɔ tameɖoɖo si le agbe ŋu na mí to Biblia dzi le mɔ bɔbɔe aɖe nu. * Yehowa Ðasefowo le kpewòm be nàdzro Biblia me be nàkpɔ ŋuɖoɖoa.

^ mm. 17 Àkpɔ susu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia. Yehowa Ðasefowoe tae. Àkpɔe le Internet hã dzi le www.mt1130.com/ee.

^ mm. 23 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 15 lia. Yehowa Ðasefowoe tae. Ele internet dzi le www.mt1130.com/ee.

^ mm. 29 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia. Yehowa Ðasefowoe tae. Ele internet dzi le www.mt1130.com/ee.