Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

3 | Ðe Fuléle Ða Le Wò Susu Me

3 | Ðe Fuléle Ða Le Wò Susu Me

Biblia Ƒe Nufiafia:

“Mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, ne miawo ŋutɔwo miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.”ROMATƆWO 12:2.

Nu Si Wòfia:

Nu siwo ŋu míebuna le vevie na Mawu. (Yeremiya 17:10) Menye nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siwo ate ŋu ahe fuléle vɛ koe wòle be míaƒo asa na o. Elabe dzi kple susu mee fuléle dzea egɔme tso. Eya ta, ele be míadzudzɔ nu sia nu si ana míava nɔ fu lém amewo le míaƒe dzi me la ŋu bubu. Ema ko hafi míate ŋu ‘atrɔ miaƒe nɔnɔme’ be míagalé fu amewo o.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:

Dzro wò dzi me nyuie nàkpɔ ɖa be nu kae nèsusuna alo aleke nèsena le ɖokuiwò me tso amewo ŋu hã, vevietɔ ame siwo tso dukɔ bubu me alo woƒe ŋutigbalẽ to vovo na tɔwò. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke mebua woe? Nu si nye ŋutɔ menya tso wo ŋu tae mebua wo nenema? Alo nazã bumee mele?’ Ƒo asa na Internet dzi hahoo kadodo, film alo modzakaɖeɖe siwo doa fuléle kple ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ.

Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe fuléle ɖa le míaƒe dzi kple susu me

Mele bɔbɔe be míato nyateƒe na mía ɖokui ne míele míawo ŋutɔ ƒe susu kple seselelãmewo me dzrom o. Gake Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míadze si míaƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo.” (Hebritɔwo 4:12) Eya ta nɔ Biblia xlẽm. Tsɔ eƒe nufiafiawo sɔ kple nu siwo ŋu nèbuna, eye dze agbagba nàna wò nuŋububu nava wɔ ɖeka kple nu si Biblia fia. Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaho fuléle si “li ke sesĩe” ɖe míaƒe dzi kple susu mea ɖa.—2 Korintotɔwo 10:4, 5.