Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | SƆDOLA ENEAWO, ALE SI WO ŊU NYAA KA WÒE

Sɔdola Eneawo, Ale Si Wo Ŋu Nyaa Ka Wòe

Sɔdola Eneawo, Ale Si Wo Ŋu Nyaa Ka Wòe

Woho kple ŋusẽ, woƒe afɔkliwo ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim sesĩe! Sɔ sesẽ eneawo kple wo dolawo ƒe nɔnɔme na wòdze abe ɖe wole kpo ti ge ado le Biblia me ene! Sɔ gbãtɔa le ɣie, edola nye fia yeye si woɖo le ŋutikɔkɔe me. Sɔ si kplɔe ɖo la biã hɛ̃ abe dzo ene eye ame si le edom la ɖe ŋutifafa le anyigba bliboa dzi. Sɔ etɔ̃lia nyɔ yibɔɔ abe viviti ene eye edola lé nudanu eve ɖe asi eye wòle gbeƒã ɖem gbedeasi wɔnublanui si nye nuɖuɖu ƒe veve. Sɔ enelia fu kpii eye wòɖi ku glaŋ, si fia be ahe dɔléle kple nu bubu siwo ate ŋu awu ame la vɛ, eye edolae nye Ku. Tsiẽƒe si nye ameƒomea ƒe yɔdo le eyome tututu eye wòle ame gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖem ɖa!—Nyaɖeɖefia 6:1-8.

“Vɔvɔ̃ ɖom ŋutɔ esi mexlẽ nu tso sɔdola eneawo ŋu zi gbãtɔ. Mese le ɖokuinye me be Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea gbɔna, eye esi nyemedzra ɖo o ta la nyematsi agbe o.”—Crystal.

“Esi mexlẽ nu tso sɔdola ɖedzesi ene siwo le sɔ siwo ƒe amadede le vovovo dom ŋu la, dzi dzɔm ŋutɔ. Esi meva se nu si ŋutegaa fia gɔme nyuie la, nu si wole tsitre ɖi na me va kɔ nam.”—Ed.

Ðe nèse le ɖokuiwò me abe Crystal ene tso sɔdola ene siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia-gbalẽa me ŋu kpɔa? Alo ɖe nèse le ɖokuiwò me abe Ed enea? Le go evea siaa me la, sɔdola eneawo ƒe sɔdodoa nye nu siwo ŋu wonya nu tsoe nyuie le Nyaɖeɖefia si nye Biblia-gbalẽ mamlɛtɔ la me. Ènya be ŋutega siawo gɔme sese aɖe vi na wòa? Le mɔ ka nu? Mawu do ŋugbe be àte ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne èxlẽ Biblia, srɔ̃ nu tso eme, eye nènɔ agbe ɖe nu siwo le nyagblɔɖigbalẽ sia me nu.—Nyaɖeɖefia 1:1-3.

Togbɔ be sɔdola eneawo ŋuti ŋutegaa nana ame aɖewo vɔ̃na hã la, menye taɖodzinuae nye be wòana míavɔ̃ o. Le nyateƒe me la, ame geɖe kpɔe be ŋutega sia doa ŋusẽ yewoƒe xɔse, eye wòna yewonɔa mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe. Ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ nyui sia wò hã! Míeɖe kuku yi nuxexlẽa dzi.