Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Praslin, Seychelles, afi si Aʋafia Gordon ke ɖe eƒe Eden-bɔa ŋu le le ƒe 1881 me

Anyigba Dzi Paradiso—Nu Ŋutɔŋutɔe Loo Alo Nyakpakpae?

Anyigba Dzi Paradiso—Nu Ŋutɔŋutɔe Loo Alo Nyakpakpae?

Paradiso! Ne míekpɔ foto siwo nya kpɔ le magazinewo me alo le television dzi la, enana míedina be míayi teƒe didi aɖe si nya kpɔ abe “paradiso” ene, aɖi ɖe eme ale be míaɖe susu ɖa le míaƒe kuxiwo ŋu. Gake míenya be ne míetrɔ gbɔ va aƒe la, nuwo aganɔ abe ale si ko wole ene.

Ke hã, ne míekpɔ teƒe siwo le abe paradiso ene la, edzɔa dzi na mí. Ðeko míebiana be: ‘Ðe “paradiso” nye drɔ̃eƒenya dzro aɖe koa? Ne ŋuɖoɖoae nye ɛ̃a, ke nu ka tae wòdzɔa dzi na ame geɖe? Ðe wòava nye nu ŋutɔŋutɔ gbe ɖeka?’

ALE SI AMEWO BUA PARADISO

Paradiso ŋu nya dzɔa dzi na amewo ƒe alafa geɖee nye esia. Le ame geɖe gomea, nya si Biblia gblɔ be “Mawu tso abɔ ɖe Eden, le ɣedzeƒe gome” koŋ ye wɔ dɔ ɖe wo dzi. Nu kae na abɔa nya kpɔ? Biblia gblɔ na mí be: “Yehowa Mawu na ati siwo katã nya kpɔ, eye wonyo na ɖuɖu la, mie.” Abɔ ma nye teƒe nyui aɖe. Nu si ganyo le eŋue nye be, “agbeti la hã le abɔ la titina.”—1 Mose 2:8, 9.

Gakpe ɖe eŋu la, Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ yɔ tɔsisi ene siwo le sisim tso abɔa me. Tɔsisi mawo dometɔ eve gali egbea siwo amewo nya, woawoe nye Tigris (alo Hidekel) kple Frat. (1 Mose 2:10-14; etenuŋɔŋlɔ) Tɔ eve siawo sina toa afi si nye Iraq fifia, si nye blema Persia dukɔa ƒe akpa aɖe yia Persia-ƒua me.

Mewɔ nuku o be, anyigba dzi paradisoa nye Persiatɔwo ƒe dekɔnu vevi aɖe. Wolɔ̃ abɔ aɖe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo si me atiwo kple seƒoƒowo le ɖe Persiatɔwo ƒe ƒe alafa 16 lia ƒe anyigbakuntru aɖe si le Philadelphia blemanudzraɖoƒe le Pennsylvania, Amerika la me. Persiatɔwo ƒe nya si wozãna na “abɔ si ŋu wotɔ kpɔ ɖo” ye nye “paradiso,” eye nu si wolɔ̃ ɖe avɔa me ɖɔ Eden-bɔ nyakpɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe.

Nyateƒeae nye be woƒoa nu tso paradiso ŋu le gbegbɔgblɔ geɖe me eye edzena le dekɔnu geɖewo me le xexea me. Esi amewo nɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe la, wotsɔ ale si wose paradiso gɔme ɖe asi yii, si wɔe be esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wova tsakae kple teƒe si wole ƒe dzixɔse vovovowo kple nyakpakpawo. Egbea gɔ̃ hã, ne ame geɖe kpɔ teƒe aɖe wònya kpɔ na wo la, wogblɔna be paradisoe.

AMEWO LE PARADISO DIM

Tsaɖila siwo nɔa nu yeyewo dim la gblɔ be yewoke ɖe paradiso si bu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Charles Gordon, si nye Britaintɔwo ƒe asrafomegã aɖe ɖi tsa yi Seychelles le ƒe 1881 me la, ekpɔ be Vallée de Mai dua si nye Xexea Ƒe Teƒe Vevitɔ siwo nɔ anyi didi la nya kpɔ ŋutɔ, eye wòƒo nya ta be Eden-bɔa ye. Anɔ ƒe 1492 me la, Italytɔwo ƒe ƒudzimɔzɔla, Christopher Columbus bui be yeke ɖe Eden-bɔa ŋu esi wòva ɖo Hispaniola ƒukpo, si nye Dominican Republic kple Haiti fifia dzi.

Le egbegbeŋutinyagbalẽ aɖe (Mapping Paradise) si me wota blemanyigba siwo wu 190 ɖo tsitotsito me la, Adam kple Xawa siwo le Eden-bɔ me ƒe nɔnɔmetatawo dze le anyigbatata akpa gãtɔ me. Wo dometɔ ɖeka si mebɔ o lae nye ƒe 1250 ƒe Beatus of Liébana ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ ƒe kɔpi la. Wota paradiso ɖe dzogoe ene aɖe titina. Eye tɔsisi ene siwo nye “Tigris,” “Frat,” “Pison” kple “Geon” sí yi eƒe dzogoe eneawo dzi, eye wosusu be esia fia ale si Kristotɔwo kaka yi xexea ƒe dzogoe eneawo dzi. Togbɔ be womenya teƒe si tututu Paradisoa ŋutɔŋutɔ nɔ o hã, nutata siawo fia be ale si wobui be paradisoa nya kpɔe la metrɔ o.

Wonya Eŋlisiawo ƒe hakpanyaŋlɔla John Milton si nɔ anyi le ƒe 1670 ƒeawo me le hakpanya aɖe si wòŋlɔ si ƒe tanyae nye Paradiso Si Bu (ele yevugbe me) la ta. Eƒe hakpanyaawo tso Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me eye eƒo nu tso nu vɔ̃ si Adam wɔ kple ale si wonyae le Eden-bɔa me la ŋu. Ete gbe ɖe edzi le hakpanyaa me be wodo ŋugbe be amegbetɔwo agava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Egblɔ be: “Ɣemaɣi la, anyigba bliboa katã azu paradiso.” Emegbe Milton ŋlɔ agbalẽ bubu aɖe si ƒe tanyae nye Paradiso Si Wogakpɔ (ele yevugbe me).

SUSUA VA TRƆ

Eme kɔ be, paradiso si bu la nye nya aɖe si ŋu woƒoa nu tsoe le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me. Ke nu ka tae nuwo va trɔ? Nya lae nye be, agbalẽ si míeyɔ va yi (Mapping Paradise) gblɔ be, “mawunyaŋununyalawo ɖoe koŋ gbe be yewomaƒo nu tso afi si paradisoa nɔ la ŋu o.”

Wofiaa nu sɔlemedela geɖe be dziƒoe nye teƒe si woava nɔ, menye paradiso me le anyigba dzi o. Ke hã Biblia gblɔ le Psalmo 37:29 be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Esi anyigba gblẽ eye menye paradiso fifia o ɖe, mɔkpɔkpɔ kae li be ŋugbedodo sia ava eme? *

ANYIGBA BLIBOA AZU PARADISO GBE ÐEKA

Yehowa Mawu, ame si wɔ Paradiso gbãtɔ la do ŋugbe be yeana anyigba nagazu paradiso. Aleke wòle ewɔ ge? Ðo ŋku edzi be Yesu fia mí be míado gbe ɖa be: “Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.” (Mateo 6:10) Fiaɖuƒe ma nye xexea me katã ƒe dziɖuɖu si le Yesu Kristo si me, eye ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe. (Daniel 2:44) Ne Fiaɖuƒe ma le amegbetɔwo dzi ɖum la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si nye be anyigba nazu paradiso la ‘ava eme.’

Do ŋgɔ la, gbɔgbɔ ʋa nyagblɔɖila Yesaya wòɖɔ ale si nuwo anɔ le Paradiso si ŋugbe wodo la me. Masɔmasɔ kple aʋawɔwɔ siwo le nu gblẽm le amegbetɔwo ŋu la azu gbaɖegbenya. (Yesaya 11:6-9; 35:5-7; 65:21-23) Míele dzi dem ƒo na wò be nàtsɔ miniti ʋɛ aɖewo axlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la le wò Biblia me. Esia ana nàgaka ɖe ŋugbe si Mawu do na ame siwo ɖoa toe la dzi. Ame siwo anɔ agbe ɣemaɣi la ase vivi na nu eve siwo Adam bu, woase vivi le paradiso me eye Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Nyaɖeɖefia 21:3.

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be mɔkpɔkpɔ si le mía si be anyigba azu Paradiso la nye nu ŋutɔŋutɔ ke menye nyakpakpa o? Elabena Biblia gblɔ na mí be: “Dziƒo nye Yehowa tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” Mɔkpɔkpɔ si le mía si be anyigba azu Paradiso la nye ŋugbe si “Mawu, ame si mate ŋu aka aʋatso o la, do tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke.” (Psalmo 115:16; Tito 1:2) Ŋugbe wɔnuku aɖee Biblia do be míanɔ agbe tegbee le Paradiso me nyateƒe!

^ mm. 15 Le Koran la hã me la, Al-Anbiya’ [Nyagblɔɖilawo], gblɔ le sura 21 kpukpui 105 me be: “Ame dzɔdzɔe siwo le Nye subɔlawo dome la anyi anyigba la dome.”