Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Míekpea Fu, Tsina, Eye Míekuna?

Nu Ka Tae Míekpea Fu, Tsina, Eye Míekuna?

Mía Wɔlaa bua mí abe viawo ene. Eya ta medi be míakpe fu o. Gake fukpekpe bɔ ale gbegbe. Nu ka gbɔe wòtso?

Mía Dzila Gbãtɔwoe Na Míele Fu Kpem

“To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome.”—ROMATƆWO 5:12.

Mawu wɔ mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, wode blibo le susu kple ŋutilã me. Ena wo teƒe nyakpɔ aɖe hã le anyigba dzi be wòanye woƒe aƒe. Woyɔ teƒea be Eden-bɔ. Egblɔ na wo be woate ŋu aɖu ati siwo katã le abɔa me ƒe tsetse faa, negbe ɖeka aɖe ko. Gake Adam kple Xawa tiae be yewoaɖu ati ma ƒe tsetse, eye nu ma si wowɔa nye nu vɔ̃. (1 Mose 2:15-17; 3:1-19) Esi wowɔ nu vɔ̃a megbea, Mawu nyã wo le abɔa me eye agbea va te sesẽ na wo. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, wova dzi viwo eye agbea sesẽ na wo viwo hã. Wo katã wova tsi ku amegã eye woku. (1 Mose 3:23; 5:5) Esi míenye woƒe dzidzimeviwo ta, míedzea dɔ, tsina kua amegã alo nyagã eye míekuna.

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Hã Nana Míekpea Fu

“Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.”—1 YOHANES 5:19.

“Vɔ̃ɖitɔ” mae nye Satana. Enye mawudɔla aɖe si dze aglã ɖe Mawu ŋu. (Yohanes 8:44; Nyaɖeɖefia 12:9) Emegbea, mawudɔla aɖewo hã dze aglã va wɔ ɖeka kple Satana. Woawoe va zu gbɔgbɔ vɔ̃wo. Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo zãa woƒe ŋusẽ tsɔ blea amewo ale be woate wo ɖa tso mía Wɔlaa gbɔ. Wokpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi be woawɔ nu gbegblẽwo. (Psalmo 106:35-38; 1 Timoteo 4:1) Evivina na Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ne wona amewo le fu kpem hele veve sem.

Mía Ŋutɔwo Míaƒe Nuwɔnawo Nana Míekpea Fu Ɣeaɖewoɣi

“Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.”— GALATIATƆWO 6:7.

Mí katã míekpea fu le mɔ vovovo nu, elabe míenyi nu vɔ̃ dome eye Satanae le xexea dzi ɖum. Gake ɣeaɖewoɣia, amewo ŋutɔ ƒe nuwɔnawoe nana wokpea fu. Le mɔ ka nu? Ne amewo wɔ nane si menyo o, alo tso nya me le mɔ gbegblẽ nua, nu gbegblẽwoe dona tso eme. Nenema kee ne wowɔ nu nyuia, nu nyuiwo dona tsoa eme. Le kpɔɖeŋu me, ne ŋutsu si si srɔ̃ kple viwo le ɖia anukware, doa vevie dɔ eye wòlɔ̃ eƒe ƒomea, nu nyui geɖe ado tso eme nɛ eye dzidzɔ anɔ eƒe ƒomea me. Gake ne edaa tsatsa, noa ahatsu alo wɔa kuvia, esia ate ŋu ana eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea nada ahe. Eya ta nunya le eme be míaɖo to mía Wɔlaa. Edi be eme nanyo na mí eye “ŋutifafa geɖe” nasu mía si.—Psalmo 119:165.

Míekpea Fu Elabe Míele “Ŋkeke Mamlɛawo” Me

“Le ŋkeke mamlɛawo me la . . . , amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame maɖoto dzilawo, . . . ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o.”—2 TIMOTEO 3:1-5.

Egbea, ame geɖe wɔa nu abe ale si tututu kpukpui mawo gblɔe ene. Woƒe nuwɔnawo gaɖo kpe edzi geɖe wu be míele xexe sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi hã be le ŋkeke mamlɛawo mea, míakpɔ aʋawɔwɔwo, dɔwuame, anyigbaʋuʋu gãwo kple dɔléle vovovowo teƒe. (Mateo 24:3, 7, 8; Luka 21:10, 11) Nu siawo nana míekpea fu eye míekuna.