Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Di Nyateƒea

Di Nyateƒea

Kuxia

Zi geɖe la, alakpanya siwo amewo se ye nana wobua nazã. Bu alakpanya siawo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ:

  • Dɔtɔ aɖewo xɔe se vodadatɔe be nyɔnuwo mate ŋu awɔ dɔ siwo bia ŋusẽ kple aɖaŋu geɖe o.

  • Le Europa, tso ƒe 500 va ɖo ƒe 1500-awo dome la, wotso Yudatɔwo nu alakpatɔe be wokɔ aɖi ɖe vudowo me eye wokaka dɔlékuiwo. Le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣi la, wogatso Yudatɔwo nu alakpatɔe ake be woawoe na ganyawo sẽ le Germany. Nutsotso siawo wɔe be amewo va nɔ nazã bum ɖe Yudatɔwo ŋu ale gbegbe, eye ame aɖewo gabua nazã ɖe wo ŋu va se ɖe egbe.

  • Ame geɖe ƒoa nya ta vodadatɔe be ame sia ame si nye nuwɔametɔ la léa blanui alo doa dziku kabakaba.

Ame siwo xɔ alakpanya siawo dzi se la tea ŋu zãa kpɔɖeŋu aɖewo tsɔ ɖoa kpe woƒe nazãbubua dzi. Eye wosusuna be ame sia ame si melɔ̃ ɖe yewoƒe nyaa dzi o la mele ɖeke me sem o.

Nya Si Biblia Gblɔ

“Sidzedze ƒe ame si manɔmanɔ menyo o.”—LODODOWO 19:2.

Nu kae nya sia fia? Ne míenya nyateƒea o la, míatso nya me nyuie o. Ne míexɔ alakpanyawo dzi se le esi teƒe be míaxɔ nyateƒenyawo dzi asea, ana be míabu susu manyomanyo ɖe amewo ŋu.

Vi Kae Wòaɖe Ne Míenya Nyateƒea?

Ne míenya nyateƒe si ku ɖe amewo ŋu la, ke míaxɔ alakpanya siwo amewo agblɔ tso wo ŋu la dzi ase o. Eye ne míeva nya be alakpae nya aɖe si míese tso ƒuƒoƒo aɖe me tɔwo ŋu la nye la, ke míaxɔ nya sia nya si míase tso ƒuƒoƒo bubu aɖe ŋu dzi ase enumake o.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

  • Amewo ate ŋu agblɔ nya gbegblẽwo tso ƒuƒoƒo aɖe me tɔwo ŋu, gake ɖo ŋku edzi be menye ame sia ame si le ƒuƒoƒo ma mee le nenema o.

  • Lɔ̃ ɖe edzi be menye nya sia nyae yenya tso amewo ŋu o.

  • Dze agbagba nàdi nyateƒea le nyatakakatsoƒe si ŋu kakaɖedzi le.