Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsi Si Gbagba Be Wòana Agbe Mavɔ

Tsi Si Gbagba Be Wòana Agbe Mavɔ

Tsi Si Gbagba Be Wòana Agbe Mavɔ

“Ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o, ke boŋ tsi si manae la azu tsidzɔƒe le eyama me, si ayɔ agbagba, be wòana agbe mavɔ.”—YOHANES 4:14.

“KASIA, le ɣleti la godo la, . . . kpe xɔasi blɔ aɖe si ƒe akpa aɖewo le ɣie hele dzo dam, kekeli aɖe, nu nogoe dzeani aɖe si le blɔ abe dziŋgɔli ene si ŋu nu ɣi siwo le ʋaʋãm ƒo xlã la . . . , le dodom abe dzonu xɔasi sue aɖe si ɣla ɖe atsiaƒu si nyɔ yibɔɔ me la ene.”—Aleae dzinudzidela Edgar Mitchell, ɖɔ anyigba la ƒe nɔnɔme ne wokpɔe tso yamenuto me.

Nu kae naa amadede nyui ma si le keklẽm la míaƒe ɣletinyigba la, si wɔ dɔ ɖe dzinudzidela ma dzi wòŋlɔ nu tso eŋu le hakpanya me? Eyae nye tsi si xɔ anyigba la ƒe akpa etɔ̃ le ene me. Ne míagblɔe tututu la, menye ɖeko tsi naa míaƒe anyigba la nya kpɔna o, ke boŋ eléa nu gbagbe siwo le edzi la hã ƒe agbe ɖe te. Le nyateƒe me la, amegbetɔwo ƒe ŋutilã ƒe akpa 65 le alafa me nye tsi sɔŋ. Eya tae numekugbalẽ si nye Encyclopædia Britannica gblɔ tso tsi ŋu be: “Ele vevie hafi agbe nanya nɔ, eye wòwɔa akpa vevi aɖe le atiwo kple lãwo ƒe dɔwɔwɔ ƒe akpa sia akpa kloe me.”

Le esi dzoxɔxɔ naa tsi siwo dzana la gbugbɔna yia dziƒo hegbugbɔ dzana ta la, mehiãna be míayi aɖadi tsi akpe ɖe esi le anyigba dzi la ŋu o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Tsi siwo míezãna ƒe gege toŋtoŋ ɖe sia ɖe kloe ɖoa ta atsiaƒu me. . . . Eye le afi ma la, ɣea ƒe dzoxɔxɔ nana be wògayia dziƒo. Emegbe egadzana ɖe anyigbaa dzi. To esia dzi la, míezãa tsi ma ke zi gbɔ zi geɖe. Mevɔna gbeɖe o.” (The World Book Encyclopedia) Ƒe 3,000 aɖewoe nye esi va yi la, woƒo nu tso tsi ƒe tɔtrɔ ɖedzesi sia ŋu le Biblia me ale: ‘Tɔwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu meyɔna gbeɖe o; afi si tɔwo sina yina la, afi ma woyina ɖaa.’ Nuwɔwɔ wɔnuku kae nye esi tsi ƒe tɔtrɔ nye!—Nyagblɔla 1:7.

Le ale si tsi le vevie na agbe kple mɔ wɔnuku si dzi míekpɔnɛ tona ta la, mewɔ nuku o be woƒo nu tso eŋu wowu zi 700 sɔŋ le Biblia me. Zi geɖe la, Biblia tsɔa dɔ tɔxɛ siwo tsi wɔna—vevietɔ ŋusẽ si le esi be wòaklɔ nuwo ŋu ahalé agbe ɖe te—la wɔa kpɔɖeŋui na Biblia me dzidzenuwo.—Yesaya 58:11; Yohanes 4:14.

Ŋusẽ Si Le Biblia Si Be Wòaklɔ Nuwo Ŋu

Le ale si Israel viwo zãa tsi tsɔ léa tsi hetsɔ nyaa nui ta la, woƒe ŋutilã me dzadzɛnyenye ɖe dzesi. Enye kɔnu be woaklɔ afɔ ne woge ɖe aƒe aɖe me hena nuɖuɖu. (Luka 7:44) Israel viawo zãa tsi le dzadzɛnyenye ƒe kɔnuwo wɔwɔ me tsɔ kpe ɖe egbɔkpɔkpɔ be woƒe ametia kple nunɔamesiwo le dzadzɛ ŋu. Enɔ na nunɔla siwo nɔ subɔsubɔm le avɔgbadɔa me la be woalé tsi ahanya woƒe awuwo edziedzi. (2 Mose 30:18-21) Emegbe le gbedoxɔ si nɔ Yerusalem me la, Salomo wɔ “gazɔ” si me tsi lita 44,000 nɔna, si sɔ gbɔ ale gbegbe be woate ŋu awɔ ɖe dzadzɛnyenye ƒe nudidi siwo le Mawu ƒe Se la me la dzi. (2 Kronika 4:2, 6) Gɔmesese kae le tsizazã le mɔ ma nu ŋu na Kristotɔwo egbea?

Apostolo Paulo ɖe eme be, Yesu klɔ Kristo hame la ŋuti “to tsiléle nɛ me to nya la dzi.” Abe ale si tsi klɔa ɖi le ame ŋu le ŋutilã me ene la, ŋusẽ le nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me ŋu be wòaklɔ mía ŋu le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me. Ŋutikɔklɔ sia wɔnɛ be Kristo ƒe nusrɔ̃lawo nɔa ‘kɔkɔe, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke menɔa wo ŋu o.’ (Efesotɔwo 5:25-27) Eya ta ele be ame siwo katã dina be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la, nadze agbagba alé wo ɖokui “ɖimaƒomaƒoe kple mokaka manɔŋui” le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me. (2 Petro 3:11, 14) Aleke Mawu ƒe Nya la kpena ɖe wo ŋu le esia wɔwɔ mee?

Ame siwo dina be Yehowa Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la noa gbɔgbɔmetsi to Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi me. Ne sidzedze si su wo si la wɔ dɔ ɖe woƒe dzi kple susu dzi la, enana wodina vevie be yewoawɔ ɖe Biblia me mɔfiame si nye “mina woatrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, bene miado Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na mia ɖokui” la dzi.—Romatɔwo 12:2.

Mawu ŋuti sidzedze vavã kpena ɖe ame siawo ŋu wokpɔa ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ siwo le woƒe agbenɔnɔ kple tamesusu me la dzea sii. Ne woyi edzi le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ wɔm le woƒe agbenɔnɔ me la, abe ale si tsi kɔa nu ŋu ene la, Mawu ƒe Nya ana ‘wo ŋuti nakɔ’ tso nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã me ne ɣeyiɣiawo va le yiyim.—1 Korintotɔwo 6:9-11.

Tɔtrɔ sia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi ku ɖe ɖekakpui aɖe si le Spain la ŋu. Eŋkɔe nye Alfonso. Egblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 18 la, nyemeva nɔ dzidzɔ kpɔm le agbe me o.” Atike vɔ̃ɖi zazã va zu numame nɛ, eye wòzu nu vlo wɔla sẽdzime. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be meƒo ɖi, le ale si mewɔa nu ɖe nye ŋutilã kple ame bubuwo ŋui ta.”

Eyi edzi gblɔ be: “Le suku la, mede dzesi ɖetugbivi aɖe si le dzadzɛ, enye fɔmaɖila si to vovo tso sukuvi bubuawo gbɔ. Eƒe kpɔɖeŋua ʋãm medi be manɔ agbe dzadzɛ abe eya amea ene. Ekpem eye mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe. Eteƒe medidi o, mete Biblia sɔsrɔ̃, eye mía kpli Mawu dome xɔlɔ̃dzedzea me va nɔ sesẽm ɖe edzi. Le ƒe ɖeka me la, meɖɔ nye agbenɔnɔ ɖo heva zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ. Tɔtrɔ wɔnuku sia na dzila geɖe siwo le míaƒe nutoa me la va gbɔnye hebia tso asinye be makpe ɖe yewo vi ƒewuivi siwo atike vɔ̃ɖi zazã zu numame na la ŋu bene woadzudzɔ.”

Tsi Si Naa Agbe Mavɔ

Ɣeaɖeɣi la, Yesu ƒo nu tso “agbetsi” ŋu na Samaria nyɔnu aɖe si nɔ tsi kum le Yakob ƒe vudoa to. Egblɔ be: “Ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o, ke boŋ tsi si manae la azu tsidzɔƒe le eyama me, si ayɔ agbagba, be wòana agbe mavɔ.” (Yohanes 4:10, 14) Yesu ƒe nyawo ɖee fia be, “agbetsi” la nye kpɔɖeŋu na agbetsitsi ƒe ɖoɖo siwo Mawu wɔ, abe ale si wòdze le eƒe Nya, Biblia, me ene. Ðoɖo siawo wɔe be amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe mavɔ. Nu siwo ƒo ƒu wɔ kpɔɖeŋu ƒe tsi sia ƒe akpa vevi aɖee nye Kristo Yesu ƒe tafevɔsa la. Yesu ɖe eme be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Alfonso, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, va de asixɔxɔ gã aɖe “agbetsi” si tso Mawu gbɔ la ŋu. Egblɔ tso ame siwo yi nu vlo wɔwɔ kple atike vɔ̃ɖi zazã dzi ŋu be: “Fonye ku, eye nye zɔhɛ tsãtɔwo katã hã ku. Mawu ƒe Nya la me sidzedze kpɔ tanye be nyemeku abe woawo ke ene o. Gbɔgbɔmeɖoɖo siwo Yehowa wɔ la na megakpɔtɔ le agbe.” Gawu la, le nu siwo Alfonso srɔ̃ tso Mawu ƒe Nya la me ta la, ele mɔ kpɔm be yeava nɔ agbe le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me.—2 Petro 3:13.

Amekpekpe Aɖe Si Yi Na Amewo Katã

Le Biblia gbalẽ mamlɛtɔa me la, woƒo nu tso “agbetsitɔsisi . . . si me kɔ abe kristalo kpe ene, eye wòle sisim tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la gbɔ” ŋu. (Nyaɖeɖefia 22:1) Agbetsitɔsisia tsi tsitre ɖi na ɖoɖo siwo Mawu wɔ siwo akplɔ ameƒomea ayi blibodede, si nɔ Adam kple Xawa si le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze me la, gbɔ mlɔeba.

Esi nuŋlɔɖia ƒo nu tso tɔsisi ma ŋu vɔ la, eyi edzi ƒo nu tso amekpekpe sia ŋu be: “Ame sia ame si tsikɔ le wuwum la neva; ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee.” (Nyaɖeɖefia 22:17) Egbea la, amekpekpe ma le edzi yim le xexea me godoo. Ƒe sia ƒe la, Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ 235 me zãa gaƒoƒo siwo wu miliɔn akpe ɖeka tsɔ kpena ɖe amewo ŋu bene woaxɔ Biblia me sidzedze si naa agbe ame la.

Agbetsi la ƒe tsikɔ le wuwòma? Ne èyi edzi le tsi si me kɔ abe kristalo ene la nom, si fia be, èyi edzi le nu srɔ̃m tso ɖoɖo siwo mía Wɔla la wɔ ŋu, eye nèle wo ŋu dɔ wɔm la, wò hã àte ŋu anye ame siwo le “gɔmeɖoanyi nyui aɖe [dzram] ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye kesinɔnu hena etsɔ si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi sesĩe” la dometɔ ɖeka.—1 Timoteo 6:19.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Abe ale si tsi klɔa ɖi le ame ŋu le ŋutilã me ene la, ŋusẽ le Biblia me nyateƒea si be wòaklɔ mía ŋu le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me siaa

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

TSIDZƆƑEWO LE BIBLIA ƑE ƔEYIƔIWO ME

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, amewo dzea agbagba vevie kena ɖe tsidzɔƒe siwo nɔa anyi ɖaa la ŋu. Abraham kple Isak ɖe vudowo ɖe teƒe aɖe si te ɖe Beer-Seba ŋu ale be woƒe aƒemetɔwo kple lãhawo nakpɔ tsi ano.—1 Mose 21:30, 31; 26:18.

Vudo siwo megoglo o la me tsiwo miena le dzomeŋɔli si nɔa anyi ɣeyiɣi didi aɖe la me. Bene woakpɔ tsidzɔƒe si anɔ anyi ɖaa la, ele be vudoa nagoglo. (Lododowo 20:5) Vudo aɖe si nɔ Laxis goglo meta 44. Vudo bubu si nɔ Gibeon, goglo wu meta 25, eye wòkeke meta 11 sɔŋ. Vudo ma ɖeɖe bia be woaɖe kpe tɔn 3,000 aɖewo ɖa. Samaria nyɔnu si va tsi ku ge le Yakob ƒe vudoa to la gblɔ na Yesu be: “Vudoa hã goglo.” Ðewohĩ vudoa ƒe goglome anye meta 23.—Yohanes 4:11.

Tsidowo hã nye tsidzɔƒe bubu na blema Titina Ɣedzeƒetɔwo. Woxɔa tsi siwo dzana tso October va se ɖe April me la ɖe tsido siawo me. Woɖea tsimɔ le togbɛwo dzi tsɔ trɔa mɔ na tsidzadzawo yina ɖe tsidoawo me. Israel viwo ɖe tsido gãgã siwo me woxɔa tsi ɖo.—2 Kronika 26:10.

Tsikuku le vudowo kple tsidowo me menye nu bɔbɔe ɣemaɣi o, eye mele bɔbɔe egbea hã o. Nyɔnu siwo dometɔ aɖewoe nye Rebeka kple Yetro vinyɔnuwo wɔ dɔ vevi aɖe ŋutɔ, elabena wokua tsi gbe sia gbe na woƒe ƒomeawo kple woƒe lãhawo.—1 Mose 24:15-20; 2 Mose 2:16.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Alfonso egbea; ele Mawu ƒe Nya la gblɔm na amewo