Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Nuxaxa Nu

Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Nuxaxa Nu

Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Nuxaxa Nu

DZI ɖe le vidada aɖe si yi agbalẽdzraƒe gã aɖe la ƒo wòdo ɣli gblɔ na nudzralawo dometɔ ɖeka be: “Agbalẽwo yɔ miaƒe fiase sia me fũu, gake ɖeke meli akpe ɖe vinye ŋu o!” Vidada la nɔ agbalẽ aɖe si me wòakpɔ mɔfiame le atsɔ akpe ɖe viaŋutsuvi ŋu wòanɔ te ɖe nuxaxa si ƒometɔ kplikplikpli aɖe ƒe ku kpata do nɛ nu la dim.

Susu le eme be vidada sia tsi dzi. Aleke gbegbe wòtena ɖe ɖevi dzi ne ekpɔe be yeƒe ame vevi aɖe ku! Ðeviwo ƒe dzi dzea eme ne ƒomea me tɔwo léa be na wo. Ke hã, ame aɖe si ɖevi aɖe lɔ̃na vevie ate ŋu aku. Aleke mi dzilawo miate ŋu akpe ɖe mia viwo ŋu ne ame aɖe si wolɔ̃na vevie la ɖo kudo nu alo ku?

Enye nyateƒe be, ne wò ame vevi aɖe ku la, ànɔ agbagba dzem be yeanɔ te ɖe yeƒe seselelãmewo nu; ɖewohĩ ànɔ nu xam ahatsi dzimaɖi. Ke hã, mele be nàŋlɔ be o be ehiã be nàkpe ɖe viwòwo hã ŋu. Agbalẽ aɖe si dɔnɔdzikpɔƒe aɖe si le Minnesota, United States, ma la gblɔ be: “Ðeviwo sea nya sia nya kloe si amewo gblɔna, eye ne womekpe ɖe wo ŋu o la, zi geɖe la, nukpɔsusu totro alo gɔmesese si mesɔ o ye va sua wo si.” Egblɔ yi edzi be: “Ele be woato nyateƒe na ɖeviwo.” Eya ta nunya anɔ eme be nàgblɔ nyateƒea na viwòwo le woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo nu. Esia wɔwɔ sesẽ, elabena ale si ɖevi ɖe sia ɖe sea nu siwo le edzi yim gɔme la ate ŋu ato vovo kura.—1 Korintotɔwo 13:11.

Aleke Nàɖe Nu Si Ku Nye La Mee?

Numekula aɖewo gblɔ be, ne dzilawo le nu ƒom na wo viwo tso ku ŋu la, ele be woakpɔ nyuie be woagazã nyagbɔgblɔwo abe, “ele alɔ̃ dɔm,” “ebu,” alo “eyi nugbe” ene o. Ne míezã nya mawo evɔ míeɖe wo me o alo gblɔ nya aɖeke kpee o la, ate ŋu atɔtɔ ɖeviawo. Nyateƒee, Yesu zã alɔ̃dɔdɔ tsɔ wɔ ku ƒe kpɔɖeŋui, eye esɔ hã. Ke hã, de dzesii be menye ɖeviwoe wònɔ nua ƒom na o. Gawu la, eɖe kpɔɖeŋua me. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Lazaro le ɖiɖim ɖe eme.” Togbɔ be ame tsitsiwoe nusrɔ̃lawo nye hã la, “wosusui be [Yesu nɔ] nu ƒom tso ale si woadɔ alɔ̃ aɖi ɖe emee ŋu.” Eya ta Yesu ɖe eme na wo be: “Lazaro ku.” (Yohanes 11:11-14) Ne ehiã be woaɖe nu me na ame tsitsiwo gɔ̃ hã nenema hafi woase egɔme la, ke ɖe mahiã le mía viwo gome geɖe wu oa?

Agbalẽŋlɔla siwo nye Mary Ann Emswiler kple James P. Emswiler gblɔ be: “Ne dzila aɖe le nu me ɖem na via ku ɖe ku ŋu la, ate ŋu adze agbagba be yeagblɔ nya si ana be ɖevia maɖi vo o. Gake ne ele esia wɔm la, ele nukpɔsusu aɖe si menɔ ɖevia ƒe susu me tsã o la ƒãm ɖe eme, eye esia ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖoe alo agblẽ nu le eŋu.” Le kpɔɖeŋu me, ne ègblɔ na viwò ko be miaƒe ame vevi aɖe si ku la le alɔ̃ dɔm la, ate ŋu ana ɖevia navɔ̃ be ne yeyi ɖamlɔ anyi la, ekema yemagafɔ ake o. Alo ne ègblɔ nɛ be ame vevi si ku la “yi nugbe” la, ɖevia ate ŋu ase le eɖokui me be melɔ̃ yeƒe nya gbɔ o alo be egblẽ ye ɖi.

Ne dzilawo le agbagba dzem be yewoaɖe nu si ku nye la gɔme na wo viwo la, wo dometɔ geɖe kpɔnɛ be ɖeviwo sea nya siwo gɔme sese le bɔbɔe hele tẽe la gɔme bɔbɔe wu nya siwo abia be woabu tame geɖe alo esiwo wode ba mo na. (1 Korintotɔwo 14:9) Numekulawo ɖo aɖaŋu be nàbia nyawo viwòa ku ɖe nu siwo le fu ɖem nɛ la ŋu, eye mia kplii miaɖo dze tso wo ŋu. Dzeɖoɖo kple viwòa edziedzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpe ɖe eŋu wòase nɔnɔmea gɔme, eye esia ate ŋu ana nàkpɔ mɔ bubu siwo dzi nàto akpe ɖe eŋu.

Mɔfiametsoƒe Aɖe Si Ŋu Kakaɖedzi Le

Ne miele nu xam le ame vevi aɖe ƒe ku ta la, viwò akpɔ mɔ be nàna mɔfiame, kpekpeɖeŋu, kple ŋuɖoɖowo ye. Ekema afi kae nàkpɔ nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le ku ɖe ku ŋu la tsoe? Ame geɖe kpɔe be Biblia nye akɔfaname kple mɔkpɔkpɔ tsoƒe si ŋu kakaɖedzi le. Ena numeɖeɖe siwo me kɔ ku ɖe afi si ku dzɔ tso, nɔnɔme si me ame kukuwo le, kple mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo la ŋu. Ele be nyateƒe si wònye be “kukuawo menya naneke o” la nana viwòa nakpɔe be yeƒe ame vevi si ku la mele fu kpem o. (Nyagblɔla 9:5) Gawu la, Mawu na mɔkpɔkpɔ mí le Biblia me be míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ake le paradisonyigba dzi.—Yohanes 5:28, 29.

Ne ètrɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ŋu la, àte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòasrɔ̃e be Biblia naa mɔfiame kple akɔfaname siwo ŋu kakaɖedzi le le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, viwòa ade dzesii be wò ŋutɔ si nye ye dzila la, nèɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu hena mɔfiamexɔxɔ le agbe me nyametsotso veviwo wɔwɔ me.—Lododowo 22:6; 2 Timoteo 3:15.

Wò Nyabiasewo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Ne èle kpekpem ɖe viwò ŋu be wòanɔ te ɖe vevesese si ame vevi aɖe ƒe ku dona na ame nu la, àte ŋu ado go nɔnɔme aɖewo siwo atɔtɔ wò. Nu kae nàte ŋu awɔ? * Na míadzro nyabiase aɖewo siwo amewo lɔ̃a biabia siwo ate ŋu afɔ ɖe te la me kpɔ.

Ðe wòle be maɣla nye nuxaxa ɖe vinyea? Ðeko wòsɔ be nàdi be yeakpɔ ye vi ta. Gake ɖe wònye nu gbegblẽ be viwò nakpɔe be nèle nu xama? Dzila geɖewo kpɔe be enyo ŋutɔ be yewoaɖee afia be yewole nu xam ŋutɔŋutɔ, eye wotoa esia dzi ɖenɛ fiaa wo viwo be nuxaxa menye nu gbegblẽ o. Dzila aɖewo dzroa Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe ame aɖewo siwo xa nu le amewo ŋkume ŋu la me kple wo viwo. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fa avi esime exɔlɔ̃ vevi Lazaro ku. Yesu meɣla eƒe seselelãmewo o.—Yohanes 11:35.

Ðe wòle be vinye suea nade kuteƒea alo ameɖiƒea loo alo kunuƒoa ƒoƒea? Ne ahiã be ɖevia nade la, nunya anɔ eme be woaɖe nu siwo wòakpɔ le afi ma kple nu si tae wole kuwɔnawo wɔm ɖo la gɔme nɛ do ŋgɔ. Enye nyateƒe be le nɔnɔme aɖewo me la, dzilawo ate ŋu atso nya me be yewo viwo makpɔ wɔnawo katã alo wo dometɔ aɖewo teƒe o le susu aɖewo ta. Ðevi siwo ade Yehowa Ðasefowo ƒe kuteƒe la akpɔ viɖe geɖe tso dutoƒonuƒo si wonɔa te ɖe Biblia dzi ƒona la me. Gakpe ɖe eŋu la, ‘dadavilɔlɔ̃’ kple lɔlɔ̃ si teƒea valawo ɖena fiana la ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ame siwo va la dzi ahana woƒe dzi nadze eme, eye ate ŋu awɔ dɔ sia ke ɖe ɖevi hã dzi.—Romatɔwo 12:10, 15; Yohanes 13:34, 35.

Ðe wòle be maƒo nu tso ame si ku la ŋu na vinyea? Numekula aɖewo gblɔ be ne èƒo asa na ame vevi si ku la ŋu nya gbɔgblɔ na viwòa keŋkeŋ la, aƒo nya ta vodadatɔe be nèle nane ɣlam ku ɖe ame si ku la ŋu, eye be nèle agbagba dzem be yeana yeaŋlɔ amea be keŋkeŋ. Agbalẽŋlɔla Julia Rathkey gblɔ be: “Ele vevie be woakpe ɖe ɖeviwo ŋu woasrɔ̃ ale si woanɔ ŋku ɖom amea dzi, gake menye be woanɔ evɔ̃m o.” Nuƒoƒo faa tso ame si ku la ŋu, tsɔ kpe ɖe nuƒoƒo tso eƒe nɔnɔme nyuiwo kple eƒe agbenɔnɔ ŋu ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu ne wole nu xam. Dzila siwo nye Ðasefowo tsɔa Biblia me mɔkpɔkpɔ si nye be amewo afɔ tso ku me ava nɔ paradiso me le anyigba dzi, afi si dɔléle kple ku maganɔ o la, faa akɔ na wo viwo.—Nyaɖeɖefia 21:4.

Aleke mate ŋu akpe ɖe vinye ŋu ne ele nu xam? Ne viwòa le nu xam la, àde dzesi tɔtrɔ aɖewo le eŋu, ɖewohĩ adze dɔ. Ðevia ate ŋu ado dziku alo atɔtɔ le esi wòle sesem le eɖokui me be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele ye si o alo wɔna vɔ le ye ŋu ta. Megawɔ nuku na wò ne viwòa bua fɔ eɖokui atraɖii, kuna ɖe ŋuwò goŋgoŋ, alo dzidzi ƒonɛ ne mègbɔ va aƒe me kaba o alo ne èdze dɔ o. Aleke nàte ŋu akpɔ viwòa ƒe seselelãme ɖefuname siawo gbɔe? Mele be viwòa nase le eɖokui me be mède dzesii be nane le fu ɖem na ye o. Eya ta ke ŋku ɖi nàlé ŋku ɖe nuwo ŋu eye nàtrɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu. Dze agbagba be nàgaƒo nya ta madzemadzee alo ado kpo ŋusẽ si gbegbe miaƒe ame vevi la ƒe ku kpɔ ɖe viwòa dzi la kpɔkpɔ dze sii o. Nɔ kakaɖedzi namee edziedzi, de dzi ƒo nɛ be wòabia nyawo, eye nànɔ dze ɖom kplii. Àte ŋu atsɔ “akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo” me la ana mɔkpɔkpɔ si le mia kple viwòa siaa si me nagasẽ ɖe edzi.—Romatɔwo 15:4.

Ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ hafi ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nagadze eƒe gbe sia gbe dɔwo kple dɔ bubuwo wɔwɔ gɔme? Eŋununyalawo gblɔ be, miyi gbe sia gbe dɔ siwo anya wɔ la wɔwɔ dzi. Wogblɔ be aƒemedɔ siwo sɔ wɔwɔ nye mɔnu vevi aɖe si kpena ɖe ame ŋu wònɔa te ɖe nuxaxa nu. Le Yehowa Ðasefowo gome la, dzila geɖewo kpɔe be gbɔgbɔmeɖoɖo nyuiwo, abe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi, kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ene, me léle ɖe asi ate ŋu alé ƒomea ɖe te ahado ŋusẽe.—5 Mose 6:4-9; Hebritɔwo 10:24, 25.

Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, ɖeviwo anɔ go dom ku ƒe nuxaxadoname va se ɖe esime Yehowa Mawu naɖe dɔléle kple ku ɖa. (Yesaya 25:8) Gake ne wonaa kakaɖedzi si sɔ ɖeviwo hekpena ɖe wo ŋu la, woate ŋu anɔ te ɖe woƒe ame vevi aɖe ƒe ku nu dzidzedzetɔe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Menye sewo demee míele to nyatakaka siwo le nyati sia me la dzi o. Anyo be miade dzesii be dukɔ ɖe sia ɖe ƒe nɔnɔmewo kple kɔnuwo toa vovo sãsãsã tso bubuwo tɔwo gbɔ, eye nenema kee wòle le dekɔnuwo hã gome.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

De dzi ƒo na viwò be wòanɔ nyawo biam eye wòanɔ nu siwo le fu ɖem nɛ la gblɔm

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Miyi gbe sia gbe dɔwo, si ƒe akpa aɖee nye miaƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ, dzi