Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mele Adzɔge Tso Mía Dometɔ Aɖeke Gbɔ O’

‘Mele Adzɔge Tso Mía Dometɔ Aɖeke Gbɔ O’

Te Ðe Mawu Ŋu

‘Mele Adzɔge Tso Mía Dometɔ Aɖeke Gbɔ O’

Dɔwɔwɔwo 17:24-27

NE WOTSƆ mí amegbetɔwo sɔ kple xexe gbahoo sia la, míeɖi naneke kura o. Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòanya wɔ vavã be amegbetɔ tsɛwo nate ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu kplikplikplia?’ Ne Mawu, si ŋkɔe nye Yehowa, di be míate ɖe ye ŋu ko hafi esia anya wɔ. Ðe wòdia? Míate ŋu akpɔ esia ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le nya wɔdɔɖeamedzi siwo apostolo Paulo gblɔ na Atenetɔ agbalẽnyala aɖewo la me; woŋlɔ nya siawo ɖe Dɔwɔwɔwo 17:24-27. De dzesi nu ene aɖewo siwo Paulo gblɔ tso Yehowa ŋu.

Gbã la, Paulo gblɔ be, Mawue “wɔ xexea kple nu siwo katã le eme.” (Kpukpui 24) Nu dzeani kple nu vovovo siwo na agbenɔnɔ vivina la ɖo kpe edzi be Wɔla la tsɔ ɖe le eme na mí eye wòlɔ̃ mí. (Romatɔwo 1:20) Susu manɔ eme kura be míabui be Mawu ma adi be yeanɔ adzɔge tso ame siwo wòlɔ̃na vevie la gbɔ o.

Evelia, Yehowa “naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame.” (Kpukpui 25) Yehowae nye Agbeléɖetela. (Psalmo 36:10) Ya, tsi, kple nuɖuɖu siwo le vevie hafi agbea nanya nɔ la katã nye nunana siwo tso mía Wɔla la gbɔ. (Yakobo 1:17) Ðe susu le eme be míaxɔe ase be mía Mawu dɔmenyotɔ sia aɖe eɖokui ɖe aga tso mía gbɔ si awɔe be wòasesẽ na mí be míanyae alo ate ɖe eŋua?

Etɔ̃lia, Mawu wɔ “amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ame ɖeka me.” (Kpukpui 26) Yehowa mekpɔa ame ŋkume o, eye amedzidede alo nazãbubu ƒomevi aɖeke kura mele eme o. (Dɔwɔwɔwo 10:34) Aleke wòawɔ nu si to vovo na ema? Eyae wɔ “ame ɖeka” si nye Adam, si me dukɔwo katã kple ame ƒomeviwo katã dzɔ tso. Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã.” (1 Timoteo 2:4) Eya ta mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na mía dometɔ ɖe sia ɖe be míate ɖe eŋu metsɔ le míaƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, dukɔ si me tɔwo míenye, alo gbegbɔgblɔ si dolawo míenye me o.

Enelia, Paulo gblɔ nyateƒenya aɖe si naa kakaɖedzi ame wu be: Yehowa ‘mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ o.’ (Kpukpui 27) Togbɔ be Yehowa lolo ŋutɔ hã la, ame siwo dina vavã be yewoate ɖe eŋu la kena ɖe eŋu. Eƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be mele adzɔge o, ke boŋ ‘etsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.’—Psalmo 145:18.

Edze kɔte le Paulo ƒe nya siawo me be Mawu di be míate ɖe ye ŋu. Ke hã, Paulo gblɔ be, eʋua mɔnukpɔkpɔ sia ɖi na ame siwo lɔ̃na be ‘yewoadii’ eye ‘yewoatsa asi adii’ la ko. (Kpukpui 27) Numekugbalẽ aɖe si Biblia gɔmeɖelawo zãna gblɔ be, “wose egɔme be dɔwɔnya eve siawo ɖea nu si dzi ame ƒe asi ate ŋu asu . . . alo didi si gbɔ woate ŋu aɖo la fiana.” Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Le xɔ doviviti aɖe si me nènya nu sia nu le me la, àte ŋu atsa asi adi afi si nàsi akaɖia le alo afi si ʋɔtrua le, ke hã, ènya be yeake ɖe eŋu godoo. Nenema kee ne míedia Mawu tso dzi blibo me hetsaa asi dinɛ la, míate ŋu aka ɖe edzi be woaɖo míaƒe agbagbadzedzewo teƒe na mí. Paulo ka ɖe edzi na mí be, ‘míake ɖe eŋu vavã.’—Kpukpui 27.

Edzroa wò vevie be yeate ɖe Mawu ŋua? Ne ète ‘Mawu didi’ le xɔse me, eye ‘nètsa asi dinɛ’ la, àke ɖe eŋu godoo. Mesesẽ kura be míake ɖe Yehowa ŋu o, elabena ‘mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ o.’