Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Nàɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ Afia?

Nu Ka Tae Nàɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ Afia?

Nu Ka Tae Nàɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ Afia?

“Nɔvinye lɔlɔ̃a Raquel,

Meda akpe na wò ŋutɔ be enye dzideƒotsoƒe aɖe nam. Nɔnɔme nyui si nèɖena fiana kple wò nya dedziƒonamewo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ, togbɔ be ɖewohĩ wò ŋutɔ made dzesii o hã.”—Jennifer.

ÈXƆ akpedalɛta aɖe si mènɔ mɔ kpɔm na o la kpɔa? Ne èxɔe kpɔ la, ɖikeke mele eme o be, anya na wò dzi dze eme ŋutɔ. Ne èbu eŋu kpɔ la, esɔ le dzɔdzɔme nu be míase le mía ɖokui me be amewo dea asixɔxɔ mía ŋu hekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Mateo 25:19-23.

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia nana be ƒomedodo si le nunalaa kple nuxɔlaa siaa dome me sẽna ɖe edzi. Gakpe ɖe eŋu la, ame si ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana la le Yesu Kristo, ame si dea dzesi amewo ƒe dɔwɔwɔ nyuiwo ɣesiaɣi la, ƒe afɔɖoƒewo yome dzem.—Marko 14:3-9; Luka 21:1-4.

Nublanuitɔe la, edze abe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia, egbɔgblɔ kple nu kpakple eŋɔŋlɔ siaa, nu le yiyim ene. Biblia na míenya be “le ŋkeke mamlɛawo me la,” amewo anye “ame madakpewo.” (2 Timoteo 3:1, 2) Ne míele ŋudzɔ o la, akpemadamada ƒe nɔnɔme si bɔ egbea la ate ŋu atsi ŋudzedzekpɔkpɔ alo akpedada ƒe nɔnɔme ɖe sia ɖe si míadi be míaɖe afia la nu.

Nu ŋutɔŋutɔ kawoe dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ afia wo viwo ale si woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia? Ame kawoe wòle be míada akpe na? Eye nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia, togbɔ be ame siwo dome míele la nye ame madakpewo hã?

Le Ƒomea Me

Dzilawo wɔa dɔ sesĩe hafi tea ŋu kpɔa wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Gake ɣeaɖewoɣi la, dzilawo ase le wo ɖokuiwo me be yewo viwo mekpɔa ŋudzedze ɖe yewoƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ tso nɔnɔme sia ŋu? Nu vevi etɔ̃ aɖewo hiã.

(1) Kpɔɖeŋuɖoɖo. Abe ale si wòle le vihehe ƒe akpa gãtɔ gome ene la, kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo nye nufiamɔnu nyui aɖe. Biblia gblɔ ku ɖe vidada dɔ sesẽ wɔla aɖe si nɔ blema Israel ŋu be: “Viaŋutsuwo tsona heyranɛ.” Afi kae viawo srɔ̃ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia sia tsoe? Mawunyakpukpuia ƒe akpa susɔea na míekpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo. Egblɔ be: “Srɔ̃a kafunɛ.” (Lododowo 31:28) Dzila siwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiaa wo nɔewo ɖenɛ fiaa wo viwo be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia naa dzi dzɔa ame si woɖee fia la, enaa ƒomekadodo me sẽna ɖe edzi, eye wònye tsitsi ƒe dzesi hã.

Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Stephen gblɔ be: “Medzea agbagba ɖoa kpɔɖeŋu ɖi na vinyewo to ale si medaa akpe na srɔ̃nye ɖe fiẽnuɖuɖu ta la dzi.” Nu kae do tso esia me? Stephen gblɔ be: “Vinyenyɔnu eveawo kpɔ esia dze sii, eye wòkpe ɖe wo ŋu be wokpɔ ale si wòhiã be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae la dze sii.” Ne srɔ̃tɔe nènye la, ɖe nèdaa akpe na wò kpeɖeŋutɔa edziedzi ɖe aƒemedɔ siwo amewo mebuna ɖe naneke me o la ta? Ðe nèdaa akpe na viwòwo, nenye be nu siwo wòle be woawɔ la koe wowɔ gɔ̃ hã?

(2) Hehenana. Didi be woanye akpedalawo le abe seƒoƒowo ene. Ehiã be woade tsi wo ahalé be na wo bene woawɔ nyuie. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woatu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ahaɖee afiae? Fia nyanu Salomo te gbe ɖe nu vevi siawo dometɔ ɖeka dzi esime wògblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.”—Lododowo 15:28.

Dzilawo, ɖe manyo be miana hehe mia viwo be woade ŋugble tso agbagba si gbegbe amewo dzena kple dɔmenyonyo ƒe gbɔgbɔ si ʋãa wo hafi wonaa nu wo la ŋu oa? Ŋugbledede sia tɔgbi ana woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu natsi ɖe edzi abe ale si anyigba nyui naa seƒoƒo tsinɛ ene. Maria si si vi etɔ̃ le gblɔ be: “Ebia ɣeyiɣi be nàde ŋugble kple viwòwo, eye nàna woakpɔ nu si ʋãa ame aɖe wònaa nu wo—amea bu wo ŋu, eye wòdi be yeaɖe ale si gbegbe yetsɔa ɖe le eme na woe la afia. Gake mesusui be esia wɔwɔ menye ɣeyiɣi gbegblẽ kura o.” Dzeɖoɖo sia tɔgbi ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu woasrɔ̃ nya si wòle be woagblɔ atsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia kple nu si tae wòle be woagblɔe ɖo.

Dzila nyanuwo kpena ɖe wo viwo ŋu wokpɔnɛ be mele be woasusui be ɖe yewodze na nu nyui siwo katã wonaa yewo la, eye le esia ta ele be woatsɔ wo ana yewo kokoko o. * Nuxlɔ̃ame si dze le Lododowo 29:21 si ku ɖe nuwɔwɔ ɖe subɔviwo ŋu, si gblɔ be, “ne ame aɖe wɔ vinugbee na eƒe kluvi tso ɖevime la, ava [zu akpemadala] emegbe” la, sɔ na ɖeviwo hã ŋutɔ.

Aleke woate ŋu akpe ɖe ɖevi suewo ŋu be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia? Linda, vidada aɖe si si vi etɔ̃ le, gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míedea dzi ƒo na mía viwo be woakpe asi ɖe akpedalɛta siwo míeŋlɔna la ŋɔŋlɔ ŋu. Míebiana tso wo si be woata nane ɖe edzi alo woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe ete.” Enye nyateƒe be woƒe nutata alo asinuŋɔŋlɔ manya kpɔ tututu o, gake wosrɔ̃a nu vevi aɖe si womaŋlɔ be akpɔ o tso esia wɔwɔ me.

(3) Kutrikuku. Wodzi mía dometɔ ɖe sia ɖe kple ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme aɖe, eye nɔnɔme ma ate ŋu awɔe be míado kpo akpedada. (1 Mose 8:21; Mateo 15:19) Ke hã, Biblia xlɔ̃ nu Mawu subɔlawo be: “Ele be woawɔ mi yeyee le ŋusẽ si ʋãa miaƒe tamesusu la me, eye miado amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.”—Efesotɔwo 4:23, 24.

Dzila siwo si nuteƒekpɔkpɔ su nyae be mele bɔbɔe kura be woakpe ɖe ɖeviwo ŋu woado “amenyenye yeye” la o. Stephen si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be, “Edze abe mía vinyɔnuawo fiafia be woada akpe le wo ɖokuiwo si, si mahiã be míagblɔe na wo hafi o la, xɔ ɣeyiɣi didi aɖe ene.” Gake Stephen kple srɔ̃a mena ta o. Stephen gblɔ yi edzi be: “Le kutrikuku geɖe megbe la, mía vinyɔnuawo srɔ̃ ale si woada akpe. Fifia ale si wodaa akpe na amewo la nyea dzidzɔ na mí.”

Ke Xɔlɔ̃wo Kple Aƒelikawo Ya Ðe?

Ne míedo kpo akpedada na amewo la, ate ŋu anye be menye ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu ŋu ye o, ke boŋ nuŋlɔbe koe. Ðe wòle vevie nenema gbegbe be ne míekpɔ ŋudzedze ɖe nane ŋu la, míada akpe ɖe eta kokokoa? Hafi míaɖo nya ma ŋu la, bu nudzɔdzɔ aɖe si ku ɖe Yesu kple kpodɔléla aɖewo ŋu la ŋu kpɔ.

Esime Yesu nɔ mɔ zɔm yina Yerusalem la, edo go ŋutsu kpodɔléla ewo aɖewo. Biblia gblɔ be: “Wokɔ gbe dzi gblɔ be: ‘Yesu, Nufiala, kpɔ nublanui na mí!’ Eye esi wòkpɔ wo ɖaa la, egblɔ na wo be: ‘Miyi ɖatsɔ mia ɖokui fia nunɔlawo.’ Eye esi woyina la, wo ŋuti kɔ. Esi wo dometɔ ɖeka kpɔ be yeƒe dɔa vɔ na ye la, etrɔ henɔ Mawu dom ɖe dzi lelele. Eye wòva tsyɔ mo anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu henɔ akpe dam nɛ; gawu la, Samariatɔe wònye.”—Luka 17:11-16.

Ðe Yesu ŋe aɖaba ƒu ame susɔeawo ƒe akpemadamada dzia? Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Yesu ɖo eŋu gblɔ be: ‘Menye wo ame ewo ŋutie kɔ oa? Ke ame asieke mamlɛawo ya ɖe? Ðe womekpɔ ame aɖeke si trɔ be yeatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu o, negbe dukɔ bubu me tɔ sia koa?’”—Luka 17:17, 18.

Menye ame vɔ̃ɖiwoe kpodɔléla asieke mamlɛawo nye o. Do ŋgɔ la, woɖee fia le gaglãgbe be yewoxɔ Yesu dzi se, eye wolɔ̃ faa wɔ ɖe mɔfiame si wòna wo be woayi Yerusalem aɖatsɔ wo ɖokuiwo afia nunɔlawo la dzi. Gake togbɔ be ɖikeke mele eme o be wokpɔ ŋudzedze deto ɖe dɔmenyo si Yesu wɔ na wo la ŋu hã la, womete ŋu ɖee gblɔ nɛ o. Woƒe nuwɔna te ɖe Kristo dzi. Ke míawo ya ɖe? Ne ame aɖe wɔ nu ɖe mía ŋu nyuie la, ɖe míedaa akpe nɛ enumake, eye ne esɔ la, míeŋlɔa akpedalɛta nɛ tsɔ ɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiana?

Biblia gblɔ be lɔlɔ̃ “mewɔa nu si mesɔ o, media ye ŋutɔ tɔ o.” (1 Korintotɔwo 13:5) Eya ta menye nɔnɔme nyui ɖeɖe fia koe ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi me la ɖeɖe fia nye o, ke boŋ enye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia hã. Abe ale si nudzɔdzɔ si ku ɖe kpodɔlélaawo ŋu ɖee fia mí ene la, ele be ame siwo dina be yewoƒe nu nadze Kristo ŋu la naɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ afia amewo katã, metsɔ le dukɔ si me tɔwo wonye, ameƒomevi siwo wonye, alo subɔsubɔha si me wole me o.

Bia ɖokuiwò be, ‘Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si meda akpe na aƒelika, dɔwɔhati, sukuhati, kɔdzidɔwɔla, fiasetɔ, alo ame bubu aɖe si na kpekpeɖeŋu aɖem la?’ Ðe manyo be nàwɔ ŋkeke ɖeka alo ŋkeke eve ƒe nuŋlɔɖi eye nàde dzesi zi neni si nèda akpe na amewo alo ŋlɔ akpedalɛta na wo oa? Nuŋlɔɖi sia tɔgbi wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be nàde dzesi afi siwo nàte ŋu awɔ ŋgɔyiyi le le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia gome.

Nyateƒeae nye be ame si dze míada akpe na wue nye Yehowa Mawu. Eyae nye “nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana blibo ɖe sia ɖe” Nala. (Yakobo 1:17) Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèda akpe na Mawu tso dzi me ɖe nane koŋ si wòwɔ na wò la ta?—1 Tesalonikatɔwo 5:17, 18.

Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia Togbɔ Be Ame Bubuwo Mewɔnɛ O Hã

Ðewohĩ ame bubuwo mada akpe na mí ne míewɔ nyui na wo o. Ekema nu ka tae wòle be míawo ya míada akpe togbɔ be ame bubuwo mewɔnɛ o hã? Bu susu siwo tae la dometɔ ɖeka ko ŋu kpɔ.

Ne míewɔa nyui na ame siwo meɖea ŋudzedzekpɔkpɔ aɖeke fiana o la, ke míele mía Wɔla dɔmenyotɔ, Yehowa Mawu, srɔ̃m. Togbɔ be ame geɖe meɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe lɔlɔ̃ si Yehowa ɖena fiaa wo la ŋu o hã la, Mawu medzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o. (Romatɔwo 5:8; 1 Yohanes 4:9, 10) “Enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” Ne míedzea agbagba ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana togbɔ be xexe madakpe mee míele hã la, míaɖee afia be míenye mía “Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo.”—Mateo 5:45.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Dzila geɖewo xlẽa agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, si Yehowa Ðasefowo ta la, na wo viwo hedzroa eme kpli wo. Eƒe ta 18 lia ƒe tanyae nye: “Èɖoa Ŋku Edzi Daa Akpea?”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

Wɔ ŋkeke ɖeka alo ŋkeke eve ƒe nuŋlɔɖi eye nàde dzesi zi neni si nèda akpe na amewo

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ðo kpɔɖeŋu ɖi na viwòwo le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia gome

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Woate ŋu ana hehe ɖevi suewo gɔ̃ hã be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia