Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Exlẽlawo Bia Be . . .

Ðe Nyɔnu Siwo Nye Yehowa Ðasefowo La Fiaa Nua?

Ðe Nyɔnu Siwo Nye Yehowa Ðasefowo La Fiaa Nua?

Ɛ̃, le xexea me godoo la, nyɔnu miliɔn geɖe siwo nye Yehowa Ðasefowo la fiaa nu. Nyɔnu siwo ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia sɔ gbɔ ŋutɔ. Psalmo 68:12 gblɔ tso wo ŋu le nyagblɔɖi me be: “Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.”

Ke hã, nufiafiadɔ si Yehowa Ðasefo nyɔnuwo wɔna la mele abe esi nyɔnu hakplɔla siwo le subɔsubɔha bubuwo me wɔna la ene o. Vovototo gã aɖe le wo dome. Mɔ kawo nue woto vovo le?

Ame siwo wofiaa nui la le vovo. Subɔsubɔha bubuwo ƒe nyɔnu nunɔlawo xɔa ŋgɔ le woƒe hamewo me, eye hamea me tɔwo koŋue nye ame siwo wofiaa nui, vevietɔ le Kristodukɔa me. Le nyɔnu siwo fiaa nu le Yehowa Ðasefowo dome gome la, ame siwo le hamea godo la koŋue wofiaa nui, si nye ame siwo wodoa goe le woƒe tso aƒe me yi aƒe me gbeƒãɖeɖedɔa me, kpakple teƒe bubuwo.

Go bubu si me Yehowa Ðasefo nyɔnuwo to vovo tso esiwo le subɔsubɔha bubuwo me le ye nye akpa si wowɔna le hamea me. Nyɔnu nunɔla siwo le Kristodukɔa kple ha bubuwo me la wɔa dzikpɔladɔwo le hamea me hefiaa woƒe dzixɔsewo hameviwo. Ke le nyɔnu siwo fiaa nu le Yehowa Ðasefowo dome gome la, womefiaa nu le hamea me nenye be ŋutsu siwo xɔ nyɔnyrɔ la le eteƒe o. Ŋutsu siwo woɖo nufialawoe koe wɔa esia.—1 Timoteo 3:2; Yakobo 3:1.

Le Biblia ƒe nya nu la, ŋutsuwo ɖeɖe ko ƒe agbanɔamedzie wònye be woanye dzikpɔlawo le hamea me. De dzesi ɖoɖo si dzi apostolo Paulo gblɔ be woazɔ ɖo la le agbalẽ si wòŋlɔ na ehati dzikpɔla Tito la me. Egblɔ be: “Megblẽ wò ɖe Kreta kple susu be . . . nàɖo hamemetsitsiwo tso du me yi du me.” Paulo gblɔ kpee be ele be ame si woaɖo dzikpɔlae la nanye ŋutsu “si ŋu nutsotso aɖeke mele o, ame si nye nyɔnu ɖeka srɔ̃.” (Tito 1:5, 6) Paulo na mɔfiame sia ke tɔgbi Timoteo le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖee la me be: “Ne ame aɖe le dzikpɔladɔ minyam la, ele dɔ nyui dim. Eya ta ele be dzikpɔla nanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, . . . ame si nya nufiafia.”—1 Timoteo 3:1, 2.

Nu ka tae wòle be ŋutsuwo ko nanye dzikpɔlawo le hamea me ɖo? Paulo gblɔ be: “Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be, wòafia nu alo akpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ be wòazi ɖoɖoe. Elabena Adam ye wowɔ gbã, emegbe hafi wowɔ Xawa.” (1 Timoteo 2:12, 13) Eya ta ɖoɖo si nu Mawu wɔ nuwo le la na míekpɔ nu si tae wòɖoe be ŋutsuwo nanye nufialawo kple dzikpɔlawo ɖo.

Yehowa subɔlawo dzea woƒe Kplɔla Yesu Kristo ƒe afɔɖoƒewo yome. Nusrɔ̃la Luka ŋlɔ tso Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu be: “Eyi tso du me yi du me kple kɔƒe yi kɔƒe nɔ gbeƒã ɖem henɔ Mawu fiaɖuƒea ŋuti nya nyui la gblɔm.” Emegbe Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖa be woawɔ dɔ ma ke. Biblia gblɔ tso nusrɔ̃lawo ŋu be: “Wodze mɔ yi ɖato nutoa katã me tso kɔƒe me yi kɔƒe me, nɔ gbeƒã ɖem nya nyui la.”—Luka 8:1; 9:2-6.

Egbea, Yehowa subɔlawo, siwo dome ŋutsuwo kple nyɔnuwo le la doa vevie nu le dɔ si ŋu Yesu gblɔ nya ɖi le la wɔwɔ me. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.