Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀTE ŊU ATE ÐE MAWU ŊU

Agbenɔnɔmɔ Bubu Aɖeke Megali Si Nyo Wu Esia O

Agbenɔnɔmɔ Bubu Aɖeke Megali Si Nyo Wu Esia O

Nu kae nàwɔ be wò kple Mawu dome nanɔ kplikplikplii? Míedzro nu vovovo siwo míawɔ be mía kplii dome nanɔ kplikplikpli la me. Woawoe nye:

  1. Nya Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa eye nàzãe.

  2. Ðo dze kple Yehowa to gbedodoɖa kple eƒe Nya, Biblia la sɔsrɔ̃ dzi.

  3. Nɔ nu si adze Yehowa ŋu la wɔwɔ dzi ɖaa.

Mi kple Mawu Dome anɔ kplikplikplia ne èzãa eƒe ŋkɔa, doa gbe ɖa nɛ, srɔ̃a eƒe Nya Biblia hewɔa nu si wòdi

Ðe nàgblɔ be yele nu siawo siwo hiã be ame nawɔ hafi ate ŋu adze xɔlɔ̃ Mawu la wɔma? Ðe nèse le ɖokuiwò me be ahiã be yeawɔ asitɔtrɔ le go siawo dometɔ aɖe mea? Eme kɔ be ebia agbagbadzedze geɖe, gake bu emetsonuawo ŋu kpɔ.

Jennifer, si tso United States, gblɔ be: “Agbagba siwo katã nàdze be yeadze Mawu ŋu la aɖe vi godoo. Xɔlɔ̃dzedze Mawu hea yayra geɖewo vɛ na ame: enana wokana ɖe Mawu dzi geɖe wu, wova dzea si ame si wònye la nyuie wu, eye ƒo wo katã ta la, wova lɔ̃nɛ geɖe wu. Agbenɔnɔmɔ bubu aɖeke megali si nyo wu esia o!”

Ne èdi be mi kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli la, adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò. Woawɔ ɖoɖo ava srɔ̃ Biblia kpli wò, eye womaxɔ ga le asiwò o. Míele kpewòm be nàde kpekpe si wowɔna le Fiaɖuƒe Akpata me le miaƒe nutoa me afi si wosrɔ̃a Biblia le ale be nàde ha kple ame siwo dea asixɔxɔ woawo kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu. * Ne èwɔ esia la, wò hã àse le ɖokuiwò me abe Hakpala ene be: “Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ.”Psalmo 73:28.

^ mm. 9 Ne èdi be woava srɔ̃ Biblia kpli ye alo èdi be yeanya Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ ɖe mia gbɔ la, taflatsɛ gblɔe na ame si tsɔ magazine sia na wò alo yi ɖe míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye www.mt1130.com/ee, eye nàdi tanya si nye DO KA KPLI MÍ si dze le ete.