Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Dzesideŋkɔ “ame tata” si wozã le Biblia me la gɔme ɖe?

Detail of an Assyrian relief of a eunuch

Ɣeaɖewoɣi la, nya sia fiaa ŋutsu si wota. Le Biblia ŋlɔɣiwo la, wota ŋutsu aɖewo tsɔ he to na wo eye wota ŋutsu aɖewo hã esime woɖe wo aboyoe alo wɔ wo kluviwoe. Wotsɔa ŋutsu siwo wota siwo dzi woka ɖo la ɖoa nyɔnuwo nu be woanɔ wo dzi kpɔm le nyɔnuwo nɔƒe, alo harem-wo, le fiaƒewo me. Le kpɔɖeŋu me, ame tata siwo nye Hegai kple Saasgaz siaa nye Persia Fia Axasweros srɔ̃wo kple ahiãwo dzi kpɔlawo. Wogblɔna be fia siae nye Xerxes I.Ester 2:3, 14, NW.

Ke hã menye ame siwo katã woyɔ le Biblia me be ametata lae wota ŋutɔŋutɔ o. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be wozãa ŋkɔnya ma le gɔmesese gbadzaa nu wòfiaa fiaŋume siwo wɔa dɔ le fiasãa me. Ewɔ abe gɔmesese ma nue wozã ŋkɔnya ma na Ebed-Melex, si nye Yeremiya ƒe hadɔwɔla, kple Etiopiatɔ si ŋkɔ womeyɔ o, si Filipo nyanyuigblɔla la ɖe gbeƒã na ene. Edze ƒãa be fiaŋume veviwo dometɔ ɖekae Ebed-Melex nye, elabena etea ŋu ƒoa nu na Fia Zedekiya ŋutɔ tẽe. (Yeremiya 38:7, 8) Eye woɖɔ Etiopiatɔ la hã be enye fianyɔnu la ƒe kesinɔnuwo dzi kpɔla si ‘yi Yerusalem va de ta agu.’Dɔwɔwɔwo 8:27.

Nu ka tae alẽkplɔla siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔ?

Esi Yesu nɔ nu ƒom tso ʋɔnudrɔ̃ɣi aɖe si ava le etsɔme ŋu la, egblɔ be: ‘Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me la, ama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si ko alẽkplɔla maa alẽwo me tso gbɔ̃wo gbɔe ene.’ (Mateo 25:31, 32) Nu ka tae alẽkplɔlawo maa lã siawo me tso wo nɔewo gbɔ?

Zi geɖe la, wokplɔa alẽwo kple gbɔ̃wo siaa le ƒuƒoƒo ɖeka me eye wonana wo katã woɖua gbe ɖekae le ŋkeke me. Le zã me la, wodea wo kpo me be woakpɔ wo ta tso lã wɔadawo kple fiafiwo si me eye be vuvɔ nagawɔ wo o. (1 Mose 30:32, 33; 31:38-40) Ɣemaɣi la, womaa lã ƒomevi eve siawo me tso wo nɔewo gbɔ hetsɔa alẽawo dea kpo ɖeka me eye gbɔ̃awo hã yia kpo bubu me be woakpɔ alẽ siwo nye lã fafawo, vevietɔ alẽ nɔewo kple alẽviawo ta, ale be gbɔ̃ siwo nye lã dzeaglãwo la nagawɔ nu vevi wo o. Agbalẽ si nye All Things in the Bible (Nu Sia Nu Le Biblia Me) gblɔ be, nenema kee ne alẽkplɔlaa di be lãwo “nalia wo nɔewo, ne ele woƒe notsi fiam, alo le fu kom na wo la,” emaa alẽawo me tso gbɔ̃awo gbɔ. Eya ta nu siwo blema Israel-viwo wɔna ɖaa alo nu siwo wokpɔa alẽkplɔlawo wowɔna ɣesiaɣi la dzie Yesu tu eƒe kpɔɖeŋua ɖo