Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Mesrɔ̃e Be Yehowa Nye Mawu Nublanuikpɔla Si Tsɔa Nu Vɔ̃ Kena

Mesrɔ̃e Be Yehowa Nye Mawu Nublanuikpɔla Si Tsɔa Nu Vɔ̃ Kena
  • ƑE SI ME WODZII: 1954

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: CANADA

  • AME SI WÒNYE TSÃ: ADZODALA, TSATSADALA

NYE ŊUTINYA:

Montreal dugãa ƒe nuto si me agbea sesẽ le la mee menɔ tsi. Esi mexɔ ɣleti ade la, fofonye ku, eye esia wɔe be ƒome bliboa dzi kpɔkpɔ va tsi danye ɖeka dzi. Nyee nye wo vi enyiawo ƒe dɔmlɔe.

Esi menɔ tsitsim la, menoa atike muame, medaa tsatsa, medaa kɔ, eye medea ha kple gbevuviwo hã gbe sia gbe. Ƒe ewo pɛ ko mexɔ esi mete dɔtsɔtsɔ na gbolowo kple gadzigadola siwo xɔa deme gãwo le amewo si. Mekaa aʋatso zi geɖe, eye ne mete ŋu flu amewo heda adzo wo la, edoa dzidzɔ nam ŋutɔ. Eva zu numame nam abe ale si ko ahanono tsia ame si ene.

Kaka maxɔ ƒe 14 la, meva bi ɖe amefuflu me ale gbegbe be mate ŋu ato mɔ ɖe sia ɖe dzi atafa amewo. Le kpɔɖeŋu me, meƒlea gaƒoɖokuiwo, alɔnugɛwo, kple asigɛ siwo ŋu wofa sika ɖo la le agbɔsɔsɔ gã aɖe me eye medea dzesi wo be sika adodoea si ƒe kpekpemee nye karat 14 ye wotsɔ wɔ woe, eye medzraa wo na amewo le ablɔwo me kple fiase gãwo ƒe ʋutɔɖoƒewo. Gakpɔkpɔ dɔ aɖeke mawɔmawɔe vivia nunye. Gbe ɖeka, mete ŋu kpɔ Canada dɔlar 10,000 sɔŋ le ŋkeke ɖeka pɛ ko dzi!

Esi mexɔ ƒe 15 la, wonyam do goe le suku si medena, si kpena ɖe hiãtɔwo ŋu la me, eye esia wɔe be metsi yame. Metsia ablɔwo dzi alo abɔwo me dɔna, eye ame aɖewo siwo medoa goe la ɖea mɔ memlɔa wo ƒeme.

Le nye adzodada ta la, kpovitɔwo léam zi geɖe hebiaa gbem. Gake esi wònye be nyemedzraa finuwo o ta la, womedem gaxɔ me kpɔ o. Ke hã wokaa fe gãgãwo nam mexena, le esi mele amewo flum be nu si dzram mele la nye nu adodoea kple nudzadzra mɔɖegbalẽ maxɔmaxɔe ta. Esi nyemevɔ̃a ame aɖeke o ta la, meyina ɖaxɔa gadola ŋuklẽlawo ƒe gawo le woƒe fenyilawo si. Afɔku le esia wɔwɔ me, esia ta tu nɔa ŋunye ɣeaɖewoɣi. Gake ɣebubuɣiwo la, nye kple adzoblasu akoŋkawoe yia fenyilawo gbɔ.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Zi gbãtɔ si mese nu tso Biblia ŋue nye esime menye ɖekakpuivi; mexɔ ƒe 17 ɣemaɣi. Nye ahiãvi aɖe gbɔe menɔ esime Yehowa Ðasefowo te Biblia-sɔsrɔ̃ kplii. Gake nye ya mebu Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe sewo be wonye mɔxenuwo, eya ta meʋu le egbɔ yi ɖatsi nyɔnu bubu si medea gbɔme kplii la gbɔ.

Nu si koŋ va trɔ nye agbenɔnɔe nye esime Ðasefowo va te nusɔsrɔ̃ kple nye ahiãvi evelia! Ewɔ tɔtrɔ geɖe le eƒe agbenɔnɔ me, eye esi mekpɔe be eva zu ame fafa si gbɔa dzi ɖi blewuu la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Yehowa Ðasefoawo kpem be made kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me, eye melɔ̃.Esi meyi la, mekpɔe be amewo do awu nyuie, wonyoa dɔme, eye woxɔm nyuie. Woto vovo na ame siwo medea ha kplii la ale gbegbe! Tso nye ɖevime ke la, mekpɔe be nyemele vevie na nye ƒometɔwo o; mekpɔe be ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o eye ame aɖeke melɔ̃m o. Lɔlɔ̃ kple vividoɖeameŋu si Yehowa Ðasefowo ɖe fiam la tututu dim menɔ tso nye ɖevime ke. Eya ta esi Ðasefoawo gblɔ nam be yewodi be yewoasrɔ̃ Biblia kplim la, melɔ̃ enumake.

Ðikeke mele eme o be nu si srɔ̃m menɔ le Biblia me lae xɔm ɖe agbe. Menɔ ɖoɖo wɔm be nye kple nye zɔhɛ eve aɖewo míayi aɖafi fi atsɔ axe dɔlar 50,000 kple edzivɔ ƒe fe siwo menyi le tsatsadada me. Gake dzi dzɔm ŋutɔ be metrɔ susu emegbe be nyemayi o! Nye zɔhɛawo ya gbe heƒo ta ɖe eme. Esia wɔe be wolé ɖeka, eye wowu evelia.

Esi meyi Biblia-sɔsrɔ̃a dzi la, meva kpɔe be ehiã be mawɔ tɔtrɔ geɖe le nye agbenɔnɔ me. Le kpɔɖeŋu me, meva nya nya si Biblia gblɔ le 1 Korintotɔwo 6:10 be: “Fiafitɔwo, ŋuklẽlawo, ahamulawo, amedzulawo kple adzodalawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.” Esi mexlẽ mawunyakpukpui ma eye mekpɔ ale si gbegbe nye nɔnɔmea vloe dze sii la, ɖeko aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam. Mekpɔe be ehiã be matrɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ. (Romatɔwo 12:2) Medoa dziku kabakaba hesẽa ŋuta hã, eye mekaa aʋatso le nu sia nu si mewɔna me.

Gake Biblia-sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye mekpɔe be Yehowa nye Mawu nublanuikpɔla si tsɔa nu vɔ̃ kena. (Yesaya 1:18) Medo gbe ɖa vevie heɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye matrɔ nye agbenɔnɔ. Vivivi la, mete ŋu trɔ nye agbenɔnɔ le eƒe kpekpeɖeŋu me. Meva ɖe afɔ vevi aɖe hã; eyae nye be, nye kple nye ahiãvia míeɖe mía nɔewo le se nu.

Esi mele agbe nɔm abe Kristotɔ ene hele Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔm tae megakpɔtɔ le agbe ɖo

Ƒe 24 ye mexɔ esi meɖe srɔ̃ le se nu eye vi etɔ̃ nɔ asinye. Azɔ, ele be madi dɔ si sɔ le se nu awɔ. Ke hã nyemede suku boo aɖeke o, eye nyemewɔ dɔ aɖeke kpɔ hã o; esia ta, dɔmemegã aɖeke meli akafum be woaxɔm ɖe dɔ me o. Megado gbe ɖa na Yehowa vevie ake. Eyome medze mɔ yi dɔ di ge. Megblɔna na dɔtɔwo be medi be matrɔ nye agbenɔnɔ eye medi be mawɔ dɔ anukwaretɔe gbe sia gbe. Ɣeaɖewoɣi la, megblɔna na dɔtɔawo be mele Biblia srɔ̃m eye medi be mazu dukɔmevi nyui. Gake dɔtɔ geɖewo gbe be yewomaxɔm ɖe dɔ me o. Mlɔeba, esi meƒo nu tso agbe si ƒomevi menɔ tsã ŋu na dɔtɔ bubu aɖe si nɔ gbe biamem la, egblɔ be: “Nyemenya nu si tae o, gake nane le gbɔgblɔm nam be maxɔ wò ɖe dɔ me.” Meka ɖe edzi be nye gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖoe nye ema. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, nye kple srɔ̃nye míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Esi mele agbe nɔm abe Kristotɔ ene hele Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔm tae megakpɔtɔ le agbe ɖo. Ƒome nyui aɖe le asinye. Meka ɖe edzi be Yehowa tsɔ nye nu vɔ̃wo kem, eye nye dzitsinya mebua fɔm o.

Ƒe 14 ye nye esia mezãa gaƒoƒo 70 ɣleti sia ɣleti tsɔ ɖea gbeƒã na amewo hefiaa nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la wo, eye nyitsɔ laa la, srɔ̃nye hã va wɔ ɖeka kplim le dɔ sia wɔwɔ me. Le ƒe 30 kple edzivɔ siwo va yi me la, mekpe ɖe nye dɔwɔhati 22 ŋu wova le Yehowa subɔm; esia doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Megakpɔtɔ yia fiase gãwo me—gake menye be maɖada adzo amewo abe ale si mewɔnɛ tsã ene o. Ke boŋ fifia, ne meyi afi ma la, meƒoa nu tso nye dzixɔse ŋu na amewo zi geɖe. Medi be mana nane wo: medi be makpe ɖe wo ŋu agbenɔnɔ le xexe yeye si gbɔna, si me adzodalawo manɔ o la, ƒe mɔkpɔkpɔ nasu wo si.—Psalmo 37:10, 11.