Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ale Si Nàwɔ Anye Vifofo Nyui

Ale Si Nàwɔ Anye Vifofo Nyui

 Nu kae nye vifofo ƒe wɔƒe le ƒomea me?

  •   Ne fu le srɔ̃wò ƒo. Srɔ̃ŋutsu si nènye fifia ye aɖe vifofo si tɔgbi nàva nye le etsɔmea afia. Agbalẽ aɖe (Do Fathers Matter?) gblɔ be:

     “Vifofo si kpena ɖe srɔ̃a ŋu ne fu le eƒo la ɖia asi nɛ, kplɔnɛ yia kɔdzi eye wòdoa vivi ɖe vinɔdɔmea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, efena le srɔ̃a ƒe fuƒodoa ŋu. Ne vifofo aɖe wɔa esiawoa, ke anɔ bɔbɔe nɛ be wòakpe asi ɖe srɔ̃a ŋu ne wodzi ɖevia.”

     “Nyemedi be srɔ̃nye nase le eɖokui me be fua nye ye ɖeka ƒe agba o, eya ta mekpena ɖe eŋu ale si màte ŋui. Mekpe ɖe eŋu míedzra vidzĩa ƒe xɔ me ɖo gɔ̃ hã. Ɣeyiɣi dodzidzɔname aɖe ŋutɔe wònye esime míenɔ dzadzram ɖo na mía via dzidzi.”—James.

     Biblia ƒe mɔfiame: ‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.

  •   Ne wodzi ɖevia. Ne èfena kple vidzĩa eye nèkɔnɛa, wò kplii dome anɔ kplikplikpli. Kpe asi ɖe srɔ̃wòa ŋu le vidzĩa gbɔ kpɔkpɔ me. Akpa si nàwɔ abe vifofo ene akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe viwòa dzi ne ele tsitsim. Agbagba siwo nàdze be wò kple viwòa dome nanɔ kplikplikpli aɖee afia be viwòa le vevie na wò.

     “Wɔ nu abe ɖevia ene, fe kplii ɖekae. Miko nu ɖekae. Mègawɔ ɖokuiwò kpaɖii o. Ðo ŋku edzi be ame gbãtɔ si gbɔ viwòa asrɔ̃ nu si tututu lɔlɔ̃ nye le lae nye wò dzilaa.”—Richard.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Viwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ; vidzidɔ me kutsetse nye fetu tso egbɔ.”—Psalmo 127:3, etenuŋɔŋlɔ.

  •   Ne viwòa le tsitsim. Numekuku ɖee fia be ne vi kple fofoa dome le kplikplikplia, ɖevia nyaa agbalẽ le suku, seselelãmekuxiwo meɖea fu nɛ fũu o eye esesẽna be wòazã atike vɔ̃ɖiwo alo ade gbevuha. Eya ta dze agbagba nàna wò kple viwòa dome nanɔ kplikplikpli.

     “Vinyeŋutsu gblɔ nam be nu si koŋ yeasusu ne yeva ʋu le mía gbɔe nye ale si míeɖoa dze ɖekae ne míele ʋu me yina teƒe aɖe alo ne míele fiẽ nu ɖum ɖekae. Ɣeaɖewoɣia, ɖeko dze vevi aɖewo siwo nye kple vinye míeɖona vana le wo ɖokui si; nyemenɔa mɔ kpɔm na wo gɔ̃ hã o. Esia tea ŋu dzɔna esi míezãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔa nuwo ɖekae ta.”—Dennis.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.”—Efesotɔwo 5:15, 16.

 Nu kae na vifofo ƒe wɔƒe le etɔxɛ?

 Le dzɔdzɔme nua, wobua vifofowo be woawoe kpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wokpɔa egbɔ be ƒomea me tɔwo le dedie, eye wobua vidadawo ya be wotsɔa ɖe le ƒomea me tɔwo ƒe seselelãme ƒe nuhiahiãwo me vevie. (5 Mose 1:31; Yesaya 49:15) Ke hã le ƒome aɖewo mea, etea ŋu dzɔna be vifofowo kple vidadawo tea ŋu wɔa wo nɔewo ƒe wɔƒewo. Gake numekulawo gblɔ be akpa vevi si vifofo kple vidada siaa wɔna le etɔxɛ le vihehe me. a

 Judith Wallerstein si kua nu me tso ƒomenyawo ŋu gblɔ nu si dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi si ɖo kpe nya sia dzi. Egblɔ be: “Esi ʋu ƒo vinyenyɔnu si xɔ ƒe 12 la, edi be ye fofo nanɔ ye gbɔ le dɔnɔkɔʋu si atsɔ ye ayi kɔa dzi la me, elabe eka ɖe fofoa dzi bliboe be ate ŋu awɔ nu sia nu be yeanɔ dedie. Gake esime wòle kɔdzia, edi be nye manɔ ye gbɔ anɔ akɔ fam na ye.” b

 “Ŋutete tɔxɛ le vifofo si be wòakpɔ eƒe ƒomea me tɔwo ta be woanɔ dedie, ke hã ate ŋu asesẽ na vidada ya be wòawɔ esia le eɖokui si. Eye vidada hã nye ame si ɖoa to viawo veveseɖeamenutɔe, eye wòsea nu gɔme na wo. Gake wo ame evea siaa wɔa dɔ ɖekae.”—Daniel.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye mègagbe dawò ƒe nufiame o.”—Lododowo 1:8.

 Ale si vifofowo awɔ nu kple wo vinyɔnuviwo

 Abe vifofo enea, ele be nàto wò nuwɔnawo dzi afia viwò nyɔnuvi wòanya ale si wòle be ŋutsuwo nawɔ nu ɖe eŋu. Viwòa ate ŋu asrɔ̃ esia le mɔ eve siwo gbɔna nu:

  •   Ne ekpɔ ale si nèwɔa nu ɖe nɔa ŋu. Ne viwòa kpɔnɛ be èlɔ̃ srɔ̃wò eye nèdea bubu eŋua, esia ana wòanya nɔnɔme vevi siwo wòle be wòanɔ ame si wòadi be yeaɖe si ne etsi.—1 Petro 3:7.

  •   Ne ekpɔ ale si nèwɔa nu ɖe eya ŋutɔ ŋu. Ne èdea bubu viwò nyɔnuvi ŋua, ke èle fiam be wòade bubu eɖokui ŋu. Eye esia nana wònyana be ele be ŋutsu bubuwo nade bubu ye ŋu.

     Gake ne mèdea bubu eŋu o eye nya koe nèhena ɖe eŋu ɣesiaɣia, esia ana wòase le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Eye esia ate ŋu awɔe be eƒe dzi nava ku ɖe ŋutsu bubu siwo kafunɛ la ŋu, evɔ menye eƒe nyui dim ŋutsu siawo le hafi o.

     “Anɔ eme be nyɔnuvi si fofoa lɔ̃ eye wòkpena ɖe eŋu la maɖe mɔ be ŋutsu aɖe si si nɔnɔme nyui aɖeke mele o la ƒe nu nalé dzi nɛ o, elabe enya nɔnɔme siwo wòle be wòanɔ srɔ̃ŋutsu nyui si.”—Wayne.

a Vidada geɖe te ŋu he wo viwo dzidzedzetɔe wo srɔ̃ ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee.

b Etso agbalẽ si nye The Unexpected Legacy of Divorce me.