Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Biblia Ƒe Ɣeyiɣikɔntabubuwo Ðe Fia Tso Ƒe 1914 Ŋu?

Nu Kae Biblia Ƒe Ɣeyiɣikɔntabubuwo Ðe Fia Tso Ƒe 1914 Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubuwo ɖee fia be woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me. Esia dze le Biblia-gbalẽ si nye Daniel ƒe ta 4 me.

 Nyagblɔɖia me nya veviwo. Mawu na Babilon-fia Nebukadnezar ku drɔ̃e si nye nyagblɔɖi. Ekpɔ ati gã aɖe le drɔ̃ea me, eye wolã ati la ƒu anyi. Woxe mɔ na eƒe takpoea be magadze o “ɣeyiɣi adre.” Le esia megbe la, ati la agadze ake.​—Daniel 4:​1, 10-​16.

 Nyagblɔɖia ƒe emevava gbãtɔ. Ati gã la le tsitre ɖi na Fia Nebukadnezar ŋutɔ. (Daniel 4:​20-​22) ‘Wolãe ƒu anyi’ le kpɔɖeŋumɔ nu esime wòku tsu ɣeyiɣi vi aɖe eye wòdzo le zi dzi hena ɣeyiɣi adre. (Daniel 4:​25) Esi Mawu na Nebukadnezar ƒe mo kɔ la, egagbugbɔ xɔ eƒe fiazikpuia eye wòlɔ̃ ɖe edzi be Mawue nye dziɖula.​—Daniel 4:​34-​36.

 Nu siwo ɖo kpe edzi be ele be nyagblɔɖia nava eme le mɔ si lolo wu nu. Nu si koŋ tae wogblɔ nya sia ɖi ɖo lae nye be “agbagbeawo nanyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye Dziɖula si kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye ame si dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ nana, eye wòtsɔa ame tsɛtɔ le amegbetɔwo dome gɔ̃ hã ɖoa enu.” (Daniel 4:17) Fia Nebukadnezar dadala mae Mawu di be yeatsɔ dziɖuɖu ma ana mlɔeba? Ao, elabena Mawu ɖee fia Fia Nebukadnezar le drɔ̃e aɖe si nye nyagblɔɖi me do ŋgɔ xoxo be fiaɖuƒe sia mayi ɖe eya ŋutɔ loo alo amegbetɔwo ƒe dziɖula bubu aɖeke si me o. Ke boŋ Mawu “aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.”​—Daniel 2:​31-​44.

 Do ŋgɔ na nudzɔdzɔ ma la, Mawu ɖo fiaɖuƒe aɖe si tsi tre ɖi na eƒe dziɖuɖu ɖe anyigba dzi la anyi: eyae nye blema Israel. Mawu ɖe mɔ ‘wotsrɔ̃’ fiaɖuƒe ma elabena eƒe fiawo mewɔ nuteƒe nɛ o, gake egblɔe ɖi be yeatsɔ fiaɖuƒea ana “ame si tɔ wònye le se nu.” (Ezekiel 21:25-​27) Biblia ɖee fia be Yesue nye ame si woɖe mɔ na le se nu be wòaxɔ fiaɖuƒe mavɔ sia. (Luka 1:​30-​33) Yesu to vovo na Nebukadnezar dadala ma, elabena Yesu ‘bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me’ abe ale si tututu wogblɔe ɖi ene.​—Mateo 11:29.

 Nu kae ati si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel 4 la fia? Wozãa atiwo tsɔ tsia tsitre ɖi na fiaɖuƒewo ɣeaɖewoɣi le Biblia me. (Ezekiel 17:22-​24; 31:​2-5) Le nyagblɔɖi si le Daniel ta 4 ƒe emevava gãtɔa me la, ati la le tsitre ɖi na Mawu ƒe dziɖuɖu.

 Nu kae atia lalã ƒu anyi fia? Abe ale si ko atia lalã ƒu anyi fia be Nebukadnezar maganye fia o va se ɖe ɣeyiɣi aɖe la, nenema kee wòfia hã be Mawu ƒe dziɖuɖu le anyigba dzi me atso hena ɣeyiɣi aɖe. Esia va eme esime Nebukadnezar va tsrɔ̃ Yerusalem, du si me Israel fiawo nɔa “Yehowa ƒe fiazikpui dzi” henyea Yehowa ŋutɔ teƒenɔlawo le.​—1 Kronika 29:23.

 Nu kae “ɣeyiɣi adre” la le tsitre ɖi na? “Ɣeyiɣi adre” la le tsitre ɖi na ɣeyiɣi si Mawu ɖe mɔ na dukɔwo be woaɖu anyigba dzi esime fiaɖuƒe si Mawu ɖo la ɖeke meli ade nu woƒe nyawo me o. Le Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu nu la, “ɣeyiɣi adre” la dze egɔme le October 607 Do Ŋgɔ Na Yesu, esime Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem. a​—2 Fiawo 25:1, 8-10.

 Ƒe nenie “ɣeyiɣi adre” la axɔ? Mate ŋu anye ƒe adre ŋutɔŋutɔ abe ale si wònɔ le Nebukadnezar gome ene o. Yesu na míekpɔ ŋuɖoɖoa esi wògblɔ be “dukɔwo atu afɔ Yerusalem [si le tsitre ɖi na Mawu ƒe dziɖuɖu] dzi va se ɖe esime dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo nawu enu.” (Luka 21:24) “Dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo” si nye ɣeyiɣi si Mawu ɖe mɔ be dukɔwo natu afɔ “Yerusalem dzi” kee nye “ɣeyiɣi adre” si nu woƒo nu tsoe le Daniel ta 4. Esia fia be esime Yesu nɔ anyigba dzi gɔ̃ hã la, “ɣeyiɣi adre” la mekpɔ wu enu o.

 Biblia kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi didi si “ɣeyiɣi adre” si wogblɔ ɖi la axɔ. Biblia gblɔ be ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã ƒe didimee nye ŋkeke 1,260. “Ɣeyiɣi adre” nye ema ƒe teƒe eve alo ŋkeke 2,520. (Nyaɖeɖefia 12:6, 14) Ne míezã nyagblɔɖi ƒe ɣeyiɣikɔntabubu si nye ‘ŋkeke ɖeka na ƒe ɖeka’ la, ke ŋkeke 2,520 tsi tre ɖi na ƒe 2,520. Eya ta “ɣeyiɣi adre” alo ƒe 2,520 wu enu le October 1914 me.​—4 Mose 14:34; Ezekiel 4:6.

a Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe wu tso nu si tae míezãa ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu ŋu la, kpɔ nyati si nye “Ɣekaɣie Wotsrɔ̃ Blema Yerusalem?​—Akpa Gbãtɔ” le Gbetakpɔxɔ, October 1, 2011, axa 26-​31 kple nyati si nye “Ɣekaɣie Wotsrɔ̃ Blema Yerusalem?​—Akpa Evelia” le Gbetakpɔxɔ, November 1, 2011, axa 22-​28.