Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

JW.ORG NYATAKAKADZRAÐOƑEA

Ale Si Nàdi Nane Le Nyatakakadzraɖoƒea

Ale Si Nàdi Nane Le Nyatakakadzraɖoƒea

Agbalẽ, odio kple video alafa geɖewo le jw.org ƒe akpa si nye AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO. Ne èdi be yeake ɖe nane ŋu bɔbɔe la, zɔ ɖe mɔfiame siwo gbɔna dzi.

 Ŋlɔ nu si dim nèle ɖe Nudidi ƒe aɖakaa me

Be nàke ɖe nyati aɖe si dim nèle ŋua, ŋlɔ nyatia me nya alo nyagbe aɖe ɖe Nudidi ƒe aɖakaa me.

Ŋlɔ nyaa alo nyagbea ɖe Nudidi ƒe aɖakaa me eye nàte asi ɖe Enter alo Entrée dzi alo zi Dii dzi. Àte ŋu aŋlɔ nya alo nyagbe vevi siwo katã nènya le nyati si dim nèle me ɖe Nudidi ƒe aɖakaa me. Esia ana nu si tututu dim nèlea nadze le nyati siwo adze la ƒe gɔmedzedze.

Ne nu siwo dze sɔgbɔ na wò akpaa, zã mɔnu siwo gbɔna nàtsɔ atrɔ asi le wò nudidia nu be nu siwo adze nagasɔ gbɔ fũu o:

  • Tia nu si ƒomevi dim nèle la le Nudidi ƒe teƒe si le ʋuʋu. Le kpɔɖeŋu me, tia Videowo, be videowo ɖeɖe nadze na wò.

  • Zi Kpɔ Wo Katã si le hatsotso aɖe gbɔ dzi be nu siwo le hatsotso ma me ɖeɖe nadze.

Nu siwo le Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE evɔ womele jw.org o hã adze.

 Di agbalẽ aɖe koŋ ƒe tanya

Ne ènya agbalẽ aɖe ƒe tanya alo tanyaa me nya aɖe la, zã mɔnu siwo gbɔna be nàke ɖe eŋu kaba.

Yi AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO > AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO.

  • Zi aɖakavi si me woŋlɔ ɖo be Wo Katã dzi eye nàŋlɔ nya siwo dze le agbalẽ si dim nèle la ƒe tanya me la dometɔ aɖewo ɖe afi ma. Le kpɔɖeŋu me, ne èle Nu Si Biblia Fia gbalẽa dim la, ŋlɔ “biblia fia.” Agbalẽ siwo ƒe tanya me “biblia fia” dze le koe adze. Tia agbalẽ si dim nèle la ƒe tanyaa.

  • Eyome zi Dii dzi.

 Di magazine aɖe koŋ

Yi AGBALẼWO KPLE NU BUBUWO > MAGAZINEWO.

Ne èʋu axa siaa, nu gbãtɔ siwo dzena woe nye Nyɔ! yeyetɔ ene kple Gbetakpɔxɔ si míemana yeyetɔ ene kpakple Gbetakpɔxɔ si míesrɔ̃na yeyetɔ enyi. Ne èdi be yeake ɖe magazine aɖe koŋ ŋu la, wɔ nu siwo gbɔna:

  • Tia magazine si ƒomevi wònye kple ƒe si me tɔ wònye le aɖakavi siwo me woŋlɔ ɖo be Wo Katã kple Yeyetɔwo la me.

  • Eyome zi Dii dzi.

 Kpɔ fɔmat siwo me agbalẽawo le nàte ŋu awɔ woƒe kɔpi

Mɔ vovovo evee li siwo nu nàte ŋu atiae be agbalẽwo nadze le. Àte ŋu atiae be wonedze le akasa nu alo wo nɔewo te le dzesi si gbɔ woŋlɔ ɖo be Dzedzeme la gbɔ.

Zi Akasa Nu ƒe dzesia dzi be agbalẽwo naɖo kpokploe ɖe akasa nu. Ðoɖo sia nue agbalẽwo dzena le le afi sia.

Zi Wo Nɔewo Te ƒe dzesia dzi be agbalẽawo nadze le wo nɔewo te.

Agbalẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe akpa dzi, woƒe tanya kple fɔmat siwo me wole nàte ŋu awɔ ƒe kɔpi ye dzena.

Zi tanyaa dzi be agbalẽa naʋu nàxlẽ.

Zi Fɔmat Vovovowo ƒe dzesia dzi be nàkpɔ fɔmat si ƒe kɔpi nèdi be yeawɔ.

Agbalẽ aɖewo le fɔmat vovovowo me nàte ŋu awɔ woƒe kɔpi, le kpɔɖeŋu me, wole PDF kple JWPUB me. Ne èzi edzi la, aɖakavi aɖe aʋu eye àkpɔ agbalẽ ma ƒe fɔmat vovovoawo. Azɔ hã, agbalẽ aɖewo ƒe nuŋɔŋlɔ lolotɔ li.

Zi esi ƒe kɔpi nèdi be yeawɔ la ƒe kadodo dzi ne nàwɔ eƒe kɔpi.

Zi Odio ƒe dzesia dzi be nàkpɔ eƒe odiowo. Eyome zi odio si ƒe kɔpi nèdi be yeawɔ dzi.

Zi Video ƒe dzesia dzi be videoawo nadze. Eyome zi video si ƒe kɔpi nèdi be yeawɔ dzi.